Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Zefania 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 hafi ne tameɖoɖo la ƒe vidziɣi naɖo, eye ɣeyiɣi la nu nayi, abe alesi gbe ƒuƒu ʋua yae ene, hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi!

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 hafi ɣeyiɣi si woɖo ɖi la naɖo, eye ŋkeke ma nava gbɔ mi abe atsa ene, hafi Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la nava dziwò, hafi Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke la nava dziwò.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Zefania 2:2
22 Iomraidhean Croise  

be woanɔ abe gbe ƒuƒu le ya nu ene, abe tsro, si ahom kplɔna dzonae ene.


Ame vɔɖiwo ya mele alea o, ke boŋ wole abe tsro, si ya lɔna ɖe nu ene.


Migbugbɔ nu na via, be megado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!


Mi, amesiwo ŋlɔ Mawu be, midze si esia dzro, ne nyemagavuvu nu, eye ɖelaa ɖeke manɔ anyi o!


Dukɔwo le ho wɔm abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ ene, ke eblu ɖe wo ta, eye wòsi yi adzogedzogee, woɖe wo ɖe nu abe gbe ƒuƒu le ya nu le towo dzi kple yali le ahom nu ene.


Yehowa ƒe dɔmedzoe matrɔ kɔ o, negbe ɖeko wòawɔ eƒe dzimesusu dzi ade goe hafi; le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la miadze sii.


Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku magalé dzo ge abe dzo ene, ahabi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta, eye amea ɖeke mate ŋu atsii o.


Yehowa wu eƒe dziku nu, eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe ƒo ɖe anyi, eɖo dzo ɖe Zion, eye wòfiã eƒe agunusɔtiwo.


Elabena Yehowa menye, nya, si gblɔm mele la, ava me, eye manɔ anyi eteƒe nadidi o; mi ƒome sẽto, mia ŋɔlie mawɔ nya, si mele gbɔgblɔm la dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eyata woanɔ abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene, abe tsro, si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, kple dzudzɔ, si toa fesre nu ene.


Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ.


Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, eye mana fiaɖuƒewo nakpe ta, ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi. Elabena nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la.


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan