Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Zefania 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Mahe to na amesiwo katã tia kpo flɔa kpuiwo, eye wotsɔa ŋu-tasese kple alakpadada yɔa wo-ƒe aƒetɔ ƒe xɔwo taŋ la, gbemagbe.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

9 Le ŋkeke ma dzi la, mahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui siwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me kple ŋutasesẽ kple beble.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Zefania 1:9
11 Iomraidhean Croise  

Anyigba dzi kpɔla tsãtó, siwo nɔ ŋgɔnye la, do agba na dukɔ la, eye woxɔa abolo kple wein wòwu klosalo sekel blane le wo si gbesiagbe, eye woƒe ɖekakpuiwo hã se ŋuta le dukɔ la ŋu; ke nye la nyemewɔ alea o, le vɔvɔ̃ na Mawu ta.


Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã.


Alesi xevi yɔa xadzae taŋ la, nenema alakpadada yɔa woƒe xɔwo fũ, eyata wòzu amegãwo kple kesinɔtɔwo ɖo.


Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.


Elabena woƒe kesinɔtɔwo yɔ fũ kple ŋulasesẽ, duametɔwo ka aʋatso, eye alakpaɖe le nu me na wo.


Tete megblɔ be: Nuka enye esia? Eɖo ŋu hena: Esia enye nudotree, si ɖo gbɔna. Eye wògblɔ bena: Eyae nye woƒe vodada le anyigba blibo la dzi.


Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me;


Eye esi eƒe aƒetɔ fɔ ŋdi, eye woʋu nɔa do, be yeayi eƒe azɔli dzi la, tete nyɔnu, si nye eƒe ahiã la, tsra ɖe xɔa ƒe ʋɔtru nu, eye eƒe asiwo le kpuia dzi.


Eyata Dagon ƒe nunɔlawo kple amesiwo katã dea Dagon ƒe me la, megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod vaseɖe egbe o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan