bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.
Yehowa wɔ eƒe tame, si wòɖo la, de goe, eye wòwɔ eƒe nya, si ŋugbe wòdo tso blema ka la dzi; egbã nu ƒu anyi, mekpɔ eta o, ena wò futɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò, eye wòdo wò ketɔwo ƒe dzo ɖe dzi.