Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Zefania 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Zefanya, Kus, amesi nye Xizkiya vi Amarya ƒe vi Gedalya ƒe vi la, le Yuda-fia Yosiya, Amon vi la ŋɔli.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Zefania, Kusi ƒe vi. Kusi fofoe nye Hezekia, Hezekia fofoe nye Amaria, eye Amaria fofoe nye Gedalia. Gbedeasi la va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ŋɔli.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Zefania 1:1
12 Iomraidhean Croise  

Eye Manase mia fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ, si nye Uza ƒe abɔ la me, eye via Amon zu fia ɖe eteƒe.


Eye woɖii ɖe eƒe yɔdo me ɖe Uza abɔ me, eye via Yosiya zu fia ɖe eteƒe.


Eye Manase mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe eƒe xɔ me, eye via Amon zu fia ɖe eteƒe.


eya gbɔ Yehowa ƒe gbe va le Yuda-fia Yosiya, Amon vi ŋɔli le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me;


Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia Salum, Yosiya vi, amesi ɖu fia ɖe fofoa Yosiya teƒe, eye wòʋu dzo tso teƒe sia la ŋu enye si: Magatrɔ gbɔ va afisia o,


Yehowa ƒe gbe va nam tso Yuda-fia Yosiya, Amon vi ƒe ƒe wuietɔ̃lia dzi vaseɖe egbe, ƒe blave vo etɔ̃ sɔŋ nye esi, eye meƒo nu kpli mi ɖaa atraɖi; ke mieɖo to o.


Yehowa ƒe gbe va na Xezekiel, nunɔla Buzi vi, le Kebar-tɔsisi la nu le Kaldea-nyigba dzi, eye Yehowa ƒe asi va edzi le afima.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.


Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me,


Eye nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mia si, eye miewɔe nyuie bena, míekpɔa edzi, abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣletivi ladze le miaƒe dziwo me;


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan