Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Yosua 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye miɖe se na wo bena: Miyi ɖaɖe kpe wuieve le Yordan me le teƒe, si nunɔlawo ƒe afɔ tsi tre ɖo la, eye mitsɔ wo va teƒe, si miedro ɖo, afisi miele tsitsi ge adɔ la.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 eye nàgblɔ na wo be: woatsɔ kpe wuieve tso teƒe si tututu nunɔlaawo tsi tsitre ɖo le Yɔdan tɔsisi la titina; woatsɔ kpe wuieve siawo ayi ɖe teƒe si miaƒu asaɖa anyi ɖo le zã sia me.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Yosua 4:3
11 Iomraidhean Croise  

Eye kpe sia, si meɖo dzesikpee la, anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.


Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o!


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Mele egblɔm na mi bena: Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.


Tete Yosua gblɔ na dukɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, kpe sia nye ɖase na mi, elabena ese nya, siwo katã Yehowa gblɔ na mi la, eye wòanye ɖase na mi, ne miagasẽ nu le mia Mawu la ŋu o.


Ne nunɔla, siwo tsɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ, Yehowa ƒe nubablaɖaka, ƒe afɔƒome ka Yordan me tsia me la, ekema Yordan me tsi la nu atso, eye dzigbe gome tsi la amii kɔ de afi ɖeka.


Tete Yosua yɔ ŋutsu wuieve, siwo wotia ɖi la, le Israel-viwo dome, to ɖeka ame ɖeka.


Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yosua de se na wo ene; wode kpe wuieve le Yordan titina ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu, abe alesi Yehowa gblɔ na Yosua ene, eye wotsɔ wo va ɖa ɖe afisi wodro ɖo.


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan