Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Yosua 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Nye dɔla Mose ku, eyata tsi tre, eye mia kple dukɔ blibo la miatso Yordan sia ayi anyigba, si mebe, mana Israel-viwo la dzi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 “Nye dɔla, Mose ku. Azɔ la wò kple dukɔ blibo la, midzra ɖo miatso Yɔdan tɔsisi la ayi ɖe anyigba si mele Israelviwo nam la dzi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Yosua 1:2
13 Iomraidhean Croise  

Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Ena wo viwo sɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba, si ŋu nègblɔ le na wo fofowo be, woayi adaxɔe wòanye wo lɔ la dzi.


Yehowa gblɔ na Satana be: Elé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, eye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi ti.


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


Ke menye alea mewɔna na nye dɔla Mose, amesi nye anukwaretɔ le nye aƒe blibo la nu o;


De gbe asi na Yosua, ɖe dzi ƒo nɛ, eye nado ŋusẽe, elabena eyae adze dukɔ sia ŋgɔ ayi, eye wòamã anyigba, si kpɔm nèle la, na wo.


Eye Mose yɔ Yosua hegblɔ nɛ le Israel blibo la ŋku me bena: Lé dzi ɖe ƒo, eye sẽ ŋu, elabena wòe le dukɔ sia kplɔ ge ayi anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ na wo la dzi, eye wòe le emã ge na wo.


Eye Mose, Yehowa ƒe dɔla, ku ɖe afima le Moab-nyigba dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Le Yehowa ƒe dɔla Mose ƒe ku megbe la Yehowa gblɔ na Yosua, Nun vi, si nye Mose ƒe subɔla bena:


Mitsa le asaɖa lãme, ne miade se na dukɔ la bena: Midzra mɔ dzi nuɖuɖu ɖo, elabena ŋkeke etɔ̃ megbe la miele Yordan sia tso ge ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu be, yeatsɔ na mi wòanye mia tɔ la.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan