Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 4:6
45 Iomraidhean Croise  

Ke trɔ de wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo ŋu, Yehowa nye Mawu, eye nase wò dɔla ƒe yii kple gbe, si wòdo da le ŋkuwò me egbe.


Ke fia Xizkiya kple nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi, wodo gbe ɖa le nya sia ta, eye woɖo ɣli ɖo ɖe dziƒo.


Mafia wò mɔ dzidalawo, eye nuvɔwɔlawo atrɔ tame ɖe ŋuwò.


Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam.


Eƒe nu me nya zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ abe notsi kpekẽ ene; aʋawɔwɔ le eƒe dzi me, eƒe nuƒoƒowo le bɔlɔbɔlɔ abe ami ene, ke yi, si wodi, wonye.


Nya xɔname, nye bubu kple nye ŋusẽ ƒe aga le Mawu gbɔ, eye Mawu me nye sitsoƒe le.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.


Nye ahɔne le kpetowo me, le agawo ƒe globoeaƒe; na makpɔ ŋkuwò me, na mase wò gbe! Elabena wò gbe vivina, eye ŋkuwò me nyo.


Eye esi metsɔ asinyigbalẽ la na Barux, Neriya vi la megbe la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena:


Yɔm, ekema matɔ na wò, eye maɖe nu gã kako, siwo mènya o la, afia wò.


Tete Sadrax, Mesax kple Abed-Nego woɖo ŋu gblɔ ne fia la bena: Nebukadnezar, nya sia ŋuɖoɖo meve mi o.


Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.


Eye ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge míala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge míala la mi.


Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.


Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etso si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etso si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋuta ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.


Eyaŋuti migaɖi woawo o; elabena mia Fofo nya nusiwo hiãa mi, hafi miebianɛ.


Ke Aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Marta, Marta, èle agbagba dzem, eye nèle fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti, ke nu ɖeka koe le vevie;


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Le esia ta mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi míado o.


Eye miawo la, migadi nusi miaɖu alo nusi miano o, eye miaƒe tamesusu naganyama mi o.


Eye wòdo lo na wo, le alesi wòle na wo be, woaɖo gbe ɖa ɖaa, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o la ŋuti,


Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?


Ne enye kluvi woyɔ la, negave wò o; ke ne ate ŋu azu ablɔɖevi la, wɔ eŋuti do boŋ.


Ke mele didim be, miagakpɔ fuɖeɖea ɖeke o. Amesi meɖe srɔ̃ o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, alesi wòawɔ adze Aƒetɔ la ŋu.


Esi miawo hã míetsɔa miaƒe kukuɖeɖe kpena ɖe mía ŋuti, bene ame geɖe nada akpe le mía ta le amenuvevenunana, si ame geɖe ƒe kukuɖeɖe na wòsu mia si la ŋuti.


eye mida akpe na Mawu, Fofo la, ɖaahe le nuwo katã ŋuti le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me,


Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta


Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me, eye mizu ame ɖakpewo!


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye minɔ ŋudzɔ le eme kple akpedada,


Azo mele nu xlɔ̃m le nuwo katã ŋgɔ be, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔxɔdeametawo, akpedadawo le amewo katã ta,


Ke nyɔnu, si nye ahosi vavã, eye amea ɖeke meli nɛ o la, tsɔa eƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa Mawu dzi, eye wònɔa kukuɖeɖewo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.


Xana do ŋu gblɔ bena: Gbeɖe, nye aƒetɔ, nyɔnu nuxala menye, nyemeno wein alo aha muamea ɖeke o: ke boŋ nye dzimenyawoe meɖe ɖe go le Yehowa ŋku me.


Eye Dawid xaxa ŋutɔ, elabena aʋakɔ la be, yeaƒu kpee, elabena dzi ku aʋakɔ blibo la dome amesiame le viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo ta; ke Dawid tsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan