Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe?
Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;
Ke azɔ esia menyo na mi kura o bena, nyadɔdrɔ̃wo le mia dome ɖe mia nɔewo ŋuti. Nukaŋuti miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋuti boŋ oa? Nukaŋuti miena woba mi boŋ oa?
Ke amesiame, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me; ame mawo wɔa nenema, bene woƒe asi nasu dziɖuɖukuku, si gblẽna la dzi; ke miawo la, esi megblẽna o la dzi.
Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.
bene miagana woate mi ɖa kaba tso miaƒe tamesusu me o, eye miagana woado voɖi na mi hã o, eɖanye to gbɔgbɔ alo to nya me o alo to agbalẽ, si le abe mía gbɔ wòtso ene la me o, abe ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ɖo va ene.
eye míagagblẽ mía ŋutɔwo miaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi amea ɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.
wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti.