Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 4:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke Mawu, mia Fofo la tɔ nanye kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

20 Ŋutikɔkɔe woana mía Mawu Fofo la, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 4:20
19 Iomraidhean Croise  

Menye míawo o, Yehowa, menye míawo ŋu nade bubui o, ke boŋ wò ŋkɔ la ŋue le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta!


Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!


Elabena nuwo katã tsoa eya me, eye wotoa eya me, eye woɖoa ta eya gbɔ; eyama tɔ lanye bubu yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Mawu, si nye nunyatɔ ɖeka hɔ̃ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye bubu la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe la le ha me le Kristo Yesu me yiɖase dzidzimewo katã dzi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi! Amen.


Ke fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mave me! Amen.


Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!


eye wòwɔ mí hawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la, eya to lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mava me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Eye le gaƒoƒo kema ke me la anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mũ dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.


eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.


wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!


Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan