Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke, mi Filipitɔwo hã, mienyae bena, le nyanyuie la ƒe gɔmedzedzea me, esi medzo le Makedonia la, hamea ɖeke mekpe de ŋunye le nunana kple nuxɔxɔ ƒe akɔnta gome o, negbe miawo ɖeɖekoe,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

15 Gawu la, abe ale si mi Filipitɔwo mienya ene be esi miese nyanyui la zi gbãtɔ esi tso Makedonia la, hame bubu aɖeke menye nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me o, negbe miawo ko.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 4:15
12 Iomraidhean Croise  

Ke egblɔ be Meta Yehowa, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe: Ne maxɔ nane fĩ! Eye wòƒoe ɖe enu, be wòaxɔe, ke egbe.


Mawu ƒe ame Elisa ƒe ɖekakpui Gexazi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ gbe nusi Aramtɔ Naeman tso vɛ la, xoxo le esi. Meta Yehowa ƒe agbe: Ne nyemaƒu ɖu adze eyome aɖaxo nane le esi o fi!


Eye wodo go tso gaxɔ me yi ɖe Lidia ƒe me: eye esi wokpɔ nɔviawo la, woɖe dzi ƒo na wo, eye wodzo.


Elabena edze Makedonia kple Axaya ŋu bena, woadzo nu na ame dahe, siwo le Yerusalem ƒe ame kɔkɔewo dome la.


Ke mele didim bena, mianyae, nɔviwo, bena nusiwo va dzo ɖe dzinye la, tra zu nyanyuie la ƒe dziyiyi nyui la boŋ,


Amesiawo gblɔnɛ tso lɔlɔ̃ me; elabena wonyae be, nyanyuie la taʋiʋli ŋuti mele afisia ɖo.


le miaƒe hadede, si le nyanyuie la me tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe fifi la ŋuti,


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan