Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

14 Mele dzesiɖoƒe la minyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo la be manyi agbe mavɔ ƒe dome.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 3:14
20 Iomraidhean Croise  

Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyuie la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe.


elabena Mawu ƒe amenuvevenunanawo kple yɔyɔ megavenɛ o.


Klo mienyae bena, amesiwo le duɖime kem le dusiƒe la, wo katãe kenɛ hafi, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la o mahã? Mike duɖime nenema, ne miaƒe asi nasu edzi!


Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí,


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,


eye míeɖi ɖase na mi be, miazɔ bena mianye ame dzedzewo na Mawu, amesi yɔ mi va ye ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe kple ŋutikɔkɔe gbɔ la.


amesi ɖe mí, eye wotsɔ yɔyɔ kɔkɔe yɔ mí; menye le míaƒe dɔwɔwɔwo nu o, ke boŋ le ye ŋutɔ ƒe tameɖoɖoɖi kple amenuveve la nu, si wòtsɔ na mi le Kristo Yesu me, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme.


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


Eyata mina miagblẽ Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze ɖi, eye míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti, bene miagaɖo dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzixɔse


Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo


Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.


Esi eƒe Mawu me ŋusẽ tsɔ nusiwo katã nyo hena agbe kple mawusosroɖa la, ke mi to sidzedze amesi tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ yɔ mi la me;


Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan