Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 2:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye elé dɔ vavã de kuku ge kloe; gake la Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye na eya ŋutɔ ɖeɖekoe o, hafi na nye hã, bene nyemagakpɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

27 Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 2:27
23 Iomraidhean Croise  

Ɣemaɣi la Xizkiya lé dɔ de kuku ge; eye nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye mele agbe nɔ ge o.


Aɖe wò le fukpekpe ade me, eye le adadrelia me la vɔ̃a ɖeke maka esi ŋuwò o.


Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.


Esi nènyã wo ɖa la, mèhe to na wo wòtso eme o; etsɔ wò ya ʋuɖuʋudu kplɔ wo ɖae le gbesigbe ɣedzeƒeya ƒo.


Kpɔ ɖa, veve zu xɔname nam, ètsɔ lɔlɔ̃ he nye luʋɔ tso gbegblẽ ƒe do me, elabena ètsɔ nye nuvɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Yehowa, he to nam, ke megagbɔ me o, eye menye le wò dɔmedzoe me, be natsrɔ̃m ɖa o.“


Egblɔ be: „Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam, eye nyemekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o.“


Oo, nukae ana nye dzeme nato le nye nuxaxa me! Nu te nye dzi ŋu le menye!


Yehowa, esi mese nya le ŋuwò la, vɔvɔ̃ ɖom! Yehowa, gbɔ agbe wò dɔwɔwɔ le ƒewo ƒe domedomee, ɖee fia Ie ƒewo ƒe domedomee; ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi le dɔmedzoedodo me!


Ke eva me le ŋkeke mawo me bena, elé dɔ, eye woku; eye esi wole tsi nɛ la, wokɔe da ɖe dziƒoxɔ me.


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


eyata azɔ la mitsɔe kee, eye mifa akɔ nɛ ɖe eteƒe boŋ, bene nuxaxa geɖe akpala nagami nenem me sia o.


elabena edzroe vevie be, yeakpɔ mi katã, eye wòxa nu ŋutɔ bena, miese eŋkɔ be, dɔ dze edzi.


Eyaŋuti meɖoe ɖa kaba wu bena, ne miegakpɔe la, míakpɔ dzidzɔ, eye nye hã nye nuxaxa dzi nagaka aɖe.


Elabena Kristo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti wòde kuku ge ɖo kloe, eye wòtsɔ eƒe agbe ke, bene wòawɔ subɔsubɔdɔ, si susɔ ɖe mia ŋu la, nam ɖe mia teƒe.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan