Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 2:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 elabena edzroe vevie be, yeakpɔ mi katã, eye wòxa nu ŋutɔ bena, miese eŋkɔ be, dɔ dze edzi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

26 Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena ele mia susum, eye esi miese be edze dɔ la, ele nu xam.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 2:26
23 Iomraidhean Croise  

Ke ele fia Dawid dzrom vevie be, yeatsɔe ake Absalom; elabena eƒe akɔ fa le Amnon, si ku la ta.


Esi Dawid kpɔ mawudɔla, si la ame wum le dukɔa dome la, egblɔ na Yehowa bena: Kpɔ ɖa, nyee wɔ nuvɔ̃, eye meda vo; ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Wò asi neva mia kple fofonye ƒe aƒe dzi boŋ!


Ne mebu be: maŋlɔ nye konyifafa be, madzudzɔ adãɖoɖo, eye makɔ mo la,


Enya nye vlododo, ŋukpe kple dzo; ŋkuwò me nye ketɔwo katã le.


Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.


Eye wotsɔ Petro kple Zebedeo ƒe ŋutsuvi eveawo kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòde asi nuxaxa me kple dzodzo me nyanyanya.


Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.


Elabena ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa, bene matsɔ gbɔgbɔ me nunanaa ɖe ana mi, ne wòado ŋusẽ mi;


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


bena, mele nu xam geɖe, eye nye dzi le veve sem ɖaasi.


Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.


eye woawo hã le kuku ɖem ɖe mia ta, eye miele wo dzrom le Mawu ƒe amenuveve, si sɔ gbɔ ŋutɔ na mi la ŋuti.


Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.


Eyaŋuti la mele kuku ɖem na mi bena, ɖeɖi nagate mia ŋu le nye xaxa, siwo mekpɔ le mia ta, esiwo nye bubu na mi la ŋuti o.


Meda akpe na Mawunye le nye ŋkuɖoɖo, siwo katã meɖoa mia dzi la me —


Elabena Mawue nye nye ɖaseɖila, alesi mi katã miele dzroyem vevie le Yesu Kristo ƒe dɔmetɔtrɔ la me.


Gake la mebu bena, ele vevie be, madɔ nɔvinye Epafrodito, si nye hanyedɔwɔla kple hanyeʋawɔla kple miaƒe apostolo kpakple nye nuhiahiã ƒe dɔla la, aɖo ɖe mi;


Eye elé dɔ vavã de kuku ge kloe; gake la Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye na eya ŋutɔ ɖeɖekoe o, hafi na nye hã, bene nyemagakpɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi o.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔ, siwo le dzroyem, nye dzidzɔ kple nye fiakuku la, minɔ tsitre sesĩe nenema le Aƒetɔ la me, nye lɔlɔ̃viwo!


si me miatso aseye le, wònye ele na mi be, miaxa nu azɔ ɣeyiɣi ʋeea ɖe le tetekpɔ bubu ƒomeviwo me hafi,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan