Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 2:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Gake la mebu bena, ele vevie be, madɔ nɔvinye Epafrodito, si nye hanyedɔwɔla kple hanyeʋawɔla kple miaƒe apostolo kpakple nye nuhiahiã ƒe dɔla la, aɖo ɖe mi;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

25 Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ nɔvinye Epafrodito aɖo ɖe mi. Ezu nɔvinye, nye dɔwɔhati, asrafo, ame si nye miaƒe dɔla si mieɖo ɖa be wòana kpekpeɖeŋum le nye hiahiãwo me la.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 2:25
19 Iomraidhean Croise  

Alesi sno fa le nuŋeɣi la, nenema dɔla nuteƒewɔla le na amesi dɔe, eye wòfaa dzi na eƒe aƒetɔ.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Subɔla mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ hã mewua amesi dɔe ɖa la o.


Sigbe alesi nedɔm ɖo ɖe xexeame ene la, nenema ke nye hã medɔ wo ɖo ɖe xexeame.


Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã;


Miɖuɖɔ Urbano, si nye mía hadɔwɔla le Kristo me la, kple Staxis, nye lɔlɔ̃tɔ la, nam ƒã.


Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.


nyemekpɔ dzudzɔ le nye gbɔgbɔ me o; elabena nyemekpɔ nɔvinye Tito o, ke boŋ meklã wo, eye meto dzi yi Makedonia.


elabena edzroe vevie be, yeakpɔ mi katã, eye wòxa nu ŋutɔ bena, miese eŋkɔ be, dɔ dze edzi.


Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.


Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.


abe alesi miesrɔ̃e hã le Epafra, mia hadɔwɔla lɔlɔ̃tɔ, si nye Kristo ƒe subɔla nyateƒetɔ na mi la gbɔ ene;


kple Yesu, si woyɔna be Yusto, amesiwo tso aʋatsotsoa me la, ɖuɖɔ mi ƒã; amesiawo ɖeɖekoe nye hanyedɔwɔlawo na Mawu ƒe fiaɖuƒe la, nenem me siawo zu akɔfafa nam.


eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,


kple Marko kple Aristarxo kple Dema kpakple Luka, hanyedɔwɔlawo, ɖuɖɔ mi ƒã.


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan