24 ke meɖo dzi ɖe Aƒetɔ la ŋu bena, nye ŋutɔ hã mava kpuie.
24 Eye mele dzi ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu be ana be nye ŋutɔ hã mava kpɔ mi ɖa kpuie.
Ke mele mɔ kpam le Aƒetɔ Yesu me bena, madɔ Timoteo aɖo ɖe mia gbɔ kpuie, bena ne menya miaƒe anyinɔnɔme la, nye hã nye dzi nadze eme.
Ke dzra dzeƒe ɖo ɖi na nye hã; elabena mele mɔ kpɔm bena, to miaƒe gbedodoɖawo me la woatsɔm ake mi.
Nya geɖe gali be, maŋlɔ aɖo ɖe mi; gake nyemelɔ̃ be, matsɔ agbalẽ kple agbalẽŋlɔtsi aŋlɔ wo o, ke boŋ mele mo kpɔm be, mava mia gbɔ, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu, bene miaƒe dzidzɔ nazu blibo.
ke mele mɔ kpɔm bena, mava akpɔ wò ɖa kaba, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu.