Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 2:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Elabena amea ɖeke mele asinye, si ƒe tamesusu sɔ kple etɔ, amesi alé be na mi le nyateƒe me la o;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

20 Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me le nyateƒe me wu Timoteo o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 2:20
16 Iomraidhean Croise  

Ɖe wonye nye futɔe le vlo domem la, anye ne mado dzi atsɔe; ɖe wònye nye ketɔe le asi tɔm akɔ ɖe ŋunye la, anye ne mesi abe le enu.


„Nyɔnu zazɛ̃ geɖewo li; ke wòa èƒo wo katã ta!“


esina, elabena agbatedɔwɔla wònye, eye meléa be na alẽawo o.


Ke egblɔ esia, menye ame dahewo nu vem wòle o, ke boŋ fiafitɔ wònye, eye gakotoku la le esi, eye wòfia nusiwo wotsɔna dana ɖe eme.


Ke dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la awɔ mi bena, miasusu tame ɖeka le mia nɔewo dome le Kristo Yesu nu,


Ke ne Timoteo va la, mikpɔ nyuie, bena wòagavɔ̃ le mia gbɔ o, elabena ewɔa Aƒetɔ la ƒe dɔ la abe nye ke ene.


ekema miyɔ nye dzidzɔ la fũ, bene miaƒe tamesusu nana ɖeka, le esi lɔlɔ̃ ɖeka ma ke le mia si, eye mietsɔa gbɔgbɔ ɖeka susua nu ɖeka la ŋuti,


Ke mienya eƒe kelili bena, abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me.


kple Yesu, si woyɔna be Yusto, amesiwo tso aʋatsotsoa me la, ɖuɖɔ mi ƒã; amesiawo ɖeɖekoe nye hanyedɔwɔlawo na Mawu ƒe fiaɖuƒe la, nenem me siawo zu akɔfafa nam.


ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo, vinye vavã le xɔse me: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Kristo Yesu, mía Aƒetɔ gbɔ la, woana wò!


Ne ètsɔ nusiawo ɖo nɔviawo ŋku me la, anye Yesu Kristo ƒe subɔla nyui, si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze la me.


esi medo ŋku xɔse alakpa manɔmee, si le mewò, si na mamãwo Loide kple dawò Eunike me gbã la dzi, eye menyae pete be, ele wò hã mewò.


Ke wò la èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo,


Esi wòƒo nu kple Saul vɔ la, Dawid ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.


Eye Yonatan kple Dawid wòbia nu, elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan