Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Filipitɔwo 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke ne wotsɔm mè le miaƒe xɔse ƒe vɔsasa kple subɔsubɔdɔ ta hã la, dzi le dzɔyem, eye mía kpli mi katã míele dzidzo kpɔm.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

17 Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi abe nunonovɔsa ene na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta hã la, anye dzidzɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ kpli mi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Filipitɔwo 2:17
21 Iomraidhean Croise  

Esia nye numevɔ, si wosa gbesiagbe le Sinai-to la gbɔ, ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Eye woatsɔ nunovɔsa hin eneliawo ɖeka akpe ɖe alẽvia ɖesiaɖe ŋu. Woatsɔ wein, si nye nunovɔsa la, asa vɔe le kɔkɔeƒe la le Yehowa ŋku me.


Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Ke nye la melɔ̃na ŋutɔ bena, magblẽ nu, eye mana woagblẽ nye ŋutɔ le míaƒe luʋɔwo ta, geɖe alesi melɔ̃a mi la, ʋee wu miawo la mielɔ̃am.


Eyata ku la sẽa ŋu le mia me: ke agbe la le mia me.


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Dzideƒo geɖe lé asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti, akɔfafa yɔm taŋ, megba go le dzidzɔkpɔkpɔ me le míaƒe xaxa katã me.


le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.


Ke nenema ke miawo hã dzi nedzɔ mi, eye mikpɔ dzidzo kpakplim!


Elabena Kristo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti wòde kuku ge ɖo kloe, eye wòtsɔ eƒe agbe ke, bene wòawɔ subɔsubɔdɔ, si susɔ ɖe mia ŋu la, nam ɖe mia teƒe.


Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


nenema ke esi mielɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.


Elabena nye la wotsɔm le memem xoxo, eye nye dzodzoɣi la gogo.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, miatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan