Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 9:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye esi nèkpɔ be, eƒe dzi ɖi anukware le ŋkuwò me la, èbla nu kplii, be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba ana eƒe dzidzimeviwo, eye nèwɔ wò nya dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

8 Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 9:8
39 Iomraidhean Croise  

Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Eye wòxɔ Yehowa dzi se, eye wòbui nɛ dzɔdzɔenyenyee.


Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.


Mawu ƒe mɔ de blibo, Yehowa ƒe nya me kɔ, akpoxɔnu wònye na amesiwo katã sii tso.


Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgastiɔwo,


nusi wòbla kple Abraham kple atam, si wòka na Isak,


Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ, elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpo ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.


Tɔwò dzɔ le nusiwo katã va mía dzi la me, elabena èwɔe ɖe eteƒe, ke míawo míewɔ nu tovo.


Amenuvela kple dzɔdzɔetɔ enye Yehowa, nublanuikpɔla enye Mawu.


Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Amevi, glikpo dzi vi, siwo le Israel-nyigba dzi la, le gbɔgblɔm be: Abraham la eya ɖeka koliae nɔ anyi, ke exɔ anyigba la wònye etɔ, miawo la míesɔ gbɔ, míawoe wotsɔ anyigba la na, be wòanye mia ta.


Amalekitɔwo le dziehe gome, Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaanitɔwo le ƒu ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Esi woɖee ɖa la, ena Dawid tsi tre, be wòanye fia na wo, amesi ŋuti hã wòɖi ɖase le gblɔ bena: „Mekpɔ Dawid, Isai vi la, ŋutsu, si dze nye dzi ŋu, amesi lawɔ nye lɔlɔ̃nu katã.“


eye nayi nunɔla, si le ɣemaɣi la gbɔ agblɔ nɛ bena Mele eme ʋum na Yehowa, wò Mawu la, egbea be: Meva anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔe na mí la dzi.


Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.


Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


Menye esi nènye ame dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ ta nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòanye tɔwo ɖo o, ke boŋ dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò, bena wòawɔ atam, si wòka na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;


Le xɔse me Abraham tso Isak na, esime wotee kpɔ, eye eya, amesi xɔ ŋugbedodo la, tso eƒe tenuvi na,


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


kpakple Kanaanitɔ, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe. Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo, siwo le towo dzi, kpakple Xiwitɔwo, siwo le Xermon te le Mizpa-nyigba dzi.


Mikpɔ ɖa, mele demagbɔnugbe yi ge, ke miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.


Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,


Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan