Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 9:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple mía fofowo mewɔ wò nufiamewo dzi o, eye womelé ŋku ɖe wò sewo kple wò nuxlɔ̃amenya, siwo nètsɔ xlɔ̃ nu wo la ŋu o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

34 Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 9:34
13 Iomraidhean Croise  

Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.


Wodo vlo eƒe ɖoɖowo kple nu, si wobla kple wo fofowo kpakple eƒe se, si wòde na wo la, eye wowɔ yakanuwo hezu ame ɖigbɔwo, eye wodze dukɔ, siwo ƒo xlã wo la yome, eva wònye Yehowa de se na wo be, womegawɔ abe woawo ene o hafi.


Elabena mía fofowo da vo, eye wowɔ nusi nye vɔ le Yehowa, mia Mawu ŋku me; wogblẽe ɖi, eye woɖe ŋku ɖa le Yehowa, si wotrɔ megbe dee la ƒe nɔƒe la ŋu.


Azɔ mía Mawu, aleke gblɔ ge míala le nusiawo megbe? Elabena míegblẽ wò seawo ɖi,


Ezi kpi kpɔ wo ƒe geɖe, eye nètsɔ wò gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, gake womeɖo toe o, eyata nètsɔ wo ɖe asi na anyigba dzi dukɔwo.


Tɔwò dzɔ le nusiwo katã va mía dzi la me, elabena èwɔe ɖe eteƒe, ke míawo míewɔ nu tovo.


Eye esi wole woƒe fiaɖuƒe me kple wò kesinɔnu gbogbo, siwo nètsɔ na wo dome, eye wole anyigba nyadri wɔnu, si nètsɔ na wo dzi hã la, womesubɔ wò o, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me o.


Yehowa be: Elabena womeɖo to nye nya, siwo mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe wo ɖaa atraɖi, eye wogbe toɖoɖo la o, Yehowa ye gblɔe!


ke boŋ miawɔ ɖe nya sia nya, si do tso mía nu la nu, míado dzudzɔ na dziƒo fianyɔnu, eye miaƒo tsi ɖe anyi nɛ, abe alesi mia kple mía fofowo, míaƒe fiawo kple míaƒe amegãwo míenɔa wɔwɔm le Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo, eye míekpɔa nu ɖuna ɖia ƒo, eme nyona na mí, eye míekpɔa dzɔgbevɔ̃ea ɖeke kple ŋku o la ene.


Eye meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã de mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Migawɔ ŋunyɔnu sia, si melé fui la o.


Wosẽ to ɖe nye sewo ŋu vloe wu dukɔwo, eye ɖe nye ɖoɖowo ŋu wu anyigba, siwo ɖe to ɖe wo godoo; elabena wogbe nye seawo, eye womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.


Míegbe toɖoɖo wò dɔla nyagblɔɖilawo, amesiwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, mía fofowo kple dukɔ hahoo la katã.


Eye ne dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe va wo dzi la, ekema ha sia anye ɖase anɔ woƒe ŋku me, elabena mage le woƒe dzidzimeviwo nu o. Elabena menya tame, si li na wo fifia, hafi mele wo kplɔm le anyigba, si ŋu meka atam ɖo la dzi yimi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan