Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 9:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Etsɔ fiaduƒewo kple dukɔwo, siwo nèkaka ɖe afisiafi la, de asi na wo; eye woxɔ Sixon ƒe anyigba, Xesbon-fia ƒe anyigba kple Basan-fia Og ƒe anyigba wonye wo ta.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

22 “Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 9:22
16 Iomraidhean Croise  

Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;


Tete Aƒetɔ la nyɔ abe alɔ̃dɔla ene, abe kɔlẽtɔ, si wein na wòle aseye tsom ene,


Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.


Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.


Esi mekplɔ wo va anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na wo la dzi, eye wokpɔ togbɛ kɔkɔ sia togbɛ kɔkɔ kple ati dodo sia ati dodo la, wosa woƒe akpedavɔwo le afima, eye wohe woƒe vɔsanu kudzinamewo va afima, wodo dzudzɔ ʋeʋẽe le afima, eye woƒo tsi ɖe anyi ɖe afima.


le esi wòɖu Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, kple Og, Basan-fia, si nɔ Astarot dzi, le Edrei megbe.


Megblɔ be: Maɖo ƒuƒu ɖe wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le amegbetɔwo dome hafi,


le Yordan ƒe go keme dzi, le tagba le Bet-Peor kasa, le Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la, ƒe anyigba dzi, amesi Mose kple Israel-viwo si, le esime woʋu tso Egipte.


Eye woxɔ eya kple Og, Basan-fia, siwo nye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ƒe anyigba le Yordan godo, le ɣedzeƒe gome, wòzu wo tɔ;


Esi wosi le Israel nu hele Bet-Xoron-to ƒe abu ɖim la, Yehowa hlẽ kpe gãwo ɖe wo dzi tso dziƒo vaseɖe Aseka, eye woku; amesiwo kpetsiawo wu la sɔ gbɔ wu esiwo Israel-viwo wu kple yi.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan