Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 9:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ƒe blane sɔŋ nènyi wo le gbea dzi, eye naneke mebia wo o; woƒe avɔwo medo xoxo o, eye woƒe afɔwo mete o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

21 Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o!

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 9:21
9 Iomraidhean Croise  

Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena amesiwo vɔ̃nɛ la, hiã metua wo o.


Eye Israel-viwo ɖu man la ƒe blane, vaseɖe esime wova anyigba, si dzi amewo le dzi, man sɔŋ woɖu, vaseɖe esime woɖo Kanaan-nyigba ƒe liƒowo dzi.


Israel ƒe aƒe, ɖe miesa akpedavɔ kple nuɖuvɔ nam le gbe dzi le ƒe blaneawo mea?


Eye anɔ ƒe blane sɔŋ wòlé wo ɖe asi le wo nyim le gbeadzi.


Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.


Miekpɔ abolo ɖu o, eye mieno wein alo aha mũamea ɖeke o, ne miadze su be, nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


Avɔ mevuvu le ŋuwò o, eye wò afɔ mete le ƒe blaneawo me o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan