Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Israel-ƒome la ɖe eɖokui ɖa tso amedzroviwo katã dome, eye wote va heʋu woƒe nuvɔ̃wo kple wo fofowo ƒe vodadawo me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 9:2
24 Iomraidhean Croise  

eye woyi ta me le anyigba, si dzi wokplɔ wo yii, eye wòtrɔ heƒo koko na wò le woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi gblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, míeda vo, eye miewɔ nu vlo;


Eyata miʋu mia ɖokui me na. Yehowa, mía Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye miklã mia ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo kple nyɔnu tutɔwo ŋu!


Eye Israel-vi, siwo gbɔ tso aboyo me la, woɖui hekpe ɖe amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo ƒe nu makɔmakɔwo me heva wo gbɔ, be yewoadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋuti.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, amegãwo va gbɔnye gblɔ bena: Israel-dukɔ la, nunɔlawo kple Lewi-viwo meɖe wo ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo. Moabitɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ƒe ŋunyɔnuwo me o;


Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ, elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpo ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.


elabena woawo ŋutɔwo kple wo viŋutsuwo ɖe srɔ̃ tso woƒe nyɔnuviwo dome, ale be ƒome kɔkɔe la tsaka kple anyigba dzi dukɔawo, eye amegãwo kple dzikpɔlawo ƒe asiwo do ŋgɔ le nu tovo sia wɔwɔ me.


ke wò to, eye naʋu wò ŋkuwo, ne nase wò dɔla ƒe gbe, si, mele dodom ɖa egbe le ŋkuwò me zã kple keli ɖe wò dɔla Israel-viwo ta, eye meʋu Israel-viwo ƒe nuvɔ̃, siwo miewɔ de ŋuwò la me; mía kple fofonye ƒe aƒe hã míewɔ nuvɔ̃.


Malux, Xarim kple Baana.


Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la,


Esime wose sea la, woɖe ame tsakatsakawo katã ɖa le Israel dome.


Ale mede du bubu me tɔwo katã da le wo dome, eye medo ɖoɖowo hena nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiame le eƒe dɔ nu,


Hem do goe, eye naɖem tso amedzroviwo si me, amesiwo ƒe nu daa alakpa, eye woƒe nuɖusi nye aʋatsoka nuɖusi;


Do wò asi ɖa tso dzi, eye nahem ado goe, ɖem tso tɔ gãwo me kple amedzroviwo si me,


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Etso wò dukɔ, Yakob ƒe aƒe la, ƒu gbe, elabena ɣedzeƒetɔwo ƒe afakaka yɔ wo fũ, wosa dzo abe Filistitowo ene, eye wona asi du bubu me viwo.


Yehowa, míedze si miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple mía fofowo ƒe vodadawo be, miewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò.


Yehowa be: Dze si wò vodada, elabena èto vo ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye netsa tsa glãla yi mawu tutɔwo gbɔ le ati damawo katã gɔme, eye miegbe nye gbe sese.


Esi megale nuƒoƒo dzi, mele gbe dom ɖa, mele nye nuvɔ̃wo kple nye dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le koko ƒom na Yehowa, nye Mawu la, ɖe nye Mawu ƒe to kɔkɔe la ta,


Yehowa yomee wotrɔ nu le, elabena wodzi vi tutɔwo; azɔ dzinu yeye aɖu woawo kple woƒe anyigbawo.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan