Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 9:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 mègblẽ wo ɖe gbea dzi o le wò nublanuikpɔkpɔ ga la la; alilikpo dodo la medzo le wo gbɔ le ŋkeke me o, be wòakplɔ wo ato mɔ dzii, eye dzo babla la megbe keklẽ na wo le zã me le mɔ, si woto la dzi o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

19 ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 9:19
23 Iomraidhean Croise  

Ekplɔ wo le ŋkeke me kple alilikpo dodo, eye le zã me kple dzo babla, ne nana mɔ, si woto la dzi nakɔ na wo.


Eyata nètsɔ wo de asi na woƒe ketɔwo, eye woxaxa wo ɖo; woɖo ɣli na wò le woƒe xaxaɣi la me, eye nèsee le dziƒo heɖo xanametɔwo na wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu, amesiwo ɖe wo tso woƒe ketɔwo si me.


Ke mètsrɔ̃ wo ɖikaa o, eye mègblẽ wo ɖi o le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu elabena Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nènye.


Eɖo ŋu eƒe nubabla le wo ta, eye wòvee le eƒe amenuveve geɖe la nu.


Eya, amesi na eƒe dukɔ la to gbedzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee.


Eye ne alilikpo la ho tso nɔƒe la dzi la, Israel-viwo hã hona, alea wowɔ le woƒe mɔzɔzɔ la katã me.


Le woƒe mɔzɔzɔwo katã me la Mawu ƒe alilikpo la nɔ nɔƒe la dzi le ŋkeke me, ke edzena na Israel ƒe aƒe blibo la le zã me abe dzo ene.


Yakob kple Israel, ɖo ŋui, elabena nye dɔla nènye; nyee wɔ wò nènye nye dɔla; Israel, megaŋlɔm be o!


Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o;


Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne megado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.


Ke nye ŋku kpɔ nublanui na wo, be nyemagblẽ wo o, eye nyematsrɔ̃ wo le gbea dzi o.


Ke megagbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne magado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.


Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.


Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,


Elabena nye Yehowa nyemetrɔ o, eye mi Yakob hã miedzudzɔ o.


Eye amesiwo see la, agblɔe na anyigba sia dzitɔwo bena: Wo Yehowa ŋutɔ ena dukɔ sia dome, èɖe ɖokuiwò ba wo wokpɔ kɔte, eye wò alilikpo nɔ wo dzi; wò Yehowa ŋutɔ ezɔ wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me le ŋkeke me, eye nezɔ wo ŋgɔ le dzobibi me le zã me.


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


Elabena Yehowa maɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o le eƒe ŋkɔ gã la ta; elabena edze egɔme, be wòawɔ mi mianye dukɔ nɛ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan