Migasẽ ta me abe mia fofowo ene o, ke boŋ mina asi Yehowa, eye miva eƒe kɔkɔeƒe, si ŋu wòkɔ tegbee la, eye misubɔ Yehowa, mia Mawu, ne eƒe dɔmedzoe nu nata ɖe mia ŋu.
Exlɔ̃ nu wo, be yeatrɔ wo ɖe wò se la ŋu; ke woda, eye womeɖo to wò se la o hewó nuvɔ̃ ɖe wò kɔnuwo ŋu, evɔ wònye ne amea ɖe wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi. Wotrɔ megbe ɖe wò kɔ̃, eye wosẽ la me hegbe toɖoɖo.
Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ la me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o. Ne ame dzɔdzɔewo dzi de dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ dua tse.
Wosẽ to ɖe nye sewo ŋu vloe wu dukɔwo, eye ɖe nye ɖoɖowo ŋu wu anyigba, siwo ɖe to ɖe wo godoo; elabena wogbe nye seawo, eye womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.