Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eɖi va Sinai-to la dzi, eye nẽƒo nu kpli wo tso dziƒo; èna kɔnu dzɔdzɔewo, nufiame, siwo le eteƒe, kpakple ɖoɖo kple se nyuiwo wo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

13 “Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 9:13
27 Iomraidhean Croise  

Eye milé ŋku de ɖoɖo kple kɔnu, nufiafia kple se, si woŋlɔ ɖi na mi la ŋu, ne miawɔ wo ŋkekeawo katã, eye migavɔ̃ mawu bubuwo o!


Ezra sia ho tso Babel va, enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu, de la me. Fia la na nusiwo kalã wòbia lae, elabena Yehowa, eƒe Mawu ƒe asi le edzi.


Yehowa, dzɔdzɔetɔ nenye, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe.


Wò nya ƒe taƒoƒo enye nyateƒe, eye wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo li tegbee.


Edo wò sededewo di, ne woalé wo me ɖe asi pɛpɛpɛ. Oo, ɖe ŋusẽ anɔ nye azɔlime ŋu, be malé ŋku ɖe wò ɖoɖowo ŋu!


Eye wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Etsɔ nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Yehowa. Nusi miatsɔ aƒo aboloe la, mitsɔe ƒoe, eye nusi miatsɔ aɖa la, miɖae; ke esi susɔ la, midzrae ɖo hena etsɔ.


ne wòasu te le ŋkeke etɔ̃agbe; elabena le ŋkeke etɔ̃agbe Yehowa aɖi va Sinai-to la dzi le dukɔ blibo la ƒe ŋku me.


Eye Mawu to nya siawo katã bena:


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: Mia ŋutɔwo miekpɔ bena, meƒo nu kpli mi tso dziƒo.


Abe alesi dzo fiãa nakeyɛ, eye dzo nana tsi fiẽna wlɔwlɔwlɔ enee ɖe, ne naɖe wò ŋkɔ afia dukɔwo, eye dukɔwo katã nadzo nyanyanya le ŋkuwò me,


Womesee tso blema ke o, eye mede to me na amea ɖeke o, ŋkua ɖeke mekpɔ Mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋuwò, si wɔ alea na amesi le mɔ kpɔm ne o.


Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ.


Ke ne nusi ke nyemelɔ̃na o lae mewɔna la, ekema melɔ̃a sea dzi bena, enyo.


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


Ɖe dukɔa ɖe se Mawu ƒe gbe tso dzo me, abe alesi nèsee ene, hetsi agbe kpɔa?


Ena nèse eƒe gbe tso dziƒo, bena wòafia nu wò, eye wòna nèkpɔ eƒe dzo gã la le anyigba dzi, eye nèse eƒe gbe tso dzo la me.


Eye dukɔ gã kae li, si ƒe ɖoɖowo kple sewo to mɔ ɖeka abe se, siwo katã meɖo mia ŋku me egbea ene?


Yehowa ƒo nu kpli mi ŋku me kple ŋku me le to la gbɔ tso dzo me,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan