Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 9:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ekplɔ wo le ŋkeke me kple alilikpo dodo, eye le zã me kple dzo babla, ne nana mɔ, si woto la dzi nakɔ na wo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

12 Ètsɔ lilikpo dodo kplɔ mía tɔgbuiwo le ŋkeke me, eye nèkplɔ wo kple dzosɔti le zã me, ale be woate ŋu akpɔ mɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 9:12
12 Iomraidhean Croise  

mègblẽ wo ɖe gbea dzi o le wò nublanuikpɔkpɔ ga la la; alilikpo dodo la medzo le wo gbɔ le ŋkeke me o, be wòakplɔ wo ato mɔ dzii, eye dzo babla la megbe keklẽ na wo le zã me le mɔ, si woto la dzi o.


Ekeke alilikpo tsyɔ wo dzi, eye wòna dzo na zã me kɔ.


hekplɔ wo to mɔtata dzi, ne woayi du, si me woanɔ la me.


Na mese wò amenuveve le ŋdi, elabena ŋuwò mele ŋu ɖom ɖo; ɖe mɔ, si mato la fiam, elabena wòe mewu nye luʋɔ dzi na.


Ŋkeke me la etsɔ alilikpo kplɔ woe, eye le zã blibo la me la etsɔ dzo keklẽ.


Eve wò dukɔ la nu hekplɔ wo, eye nèɖe wo. Ekplɔ wo kple wò ŋusẽ heva wò teƒe kɔkɔe la.


gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome.


Alea wònɔ ɖaa; alilikpo la tsyɔ edzi, eye wòdze le zã me abe dzo ene.


Eva me ɣeaɖewoɣi bena, alilikpo la tsia anyi tso fiẽ vaseɖe ŋɖi ko; ne alilikpo la ho le ŋdi la, ekema wohona. Ɖewo etsia anyi ŋkeke ɖeka kple zã ɖeka, ne alilikpo la ho la, ekema wohona.


amesi zɔ mia ŋgɔ le mo dzi, be yeafia afisi miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi, amesi zɔ dzo me le zã me, be yeafia mɔ, si miato la mi, eye wòzɔ alilikpo me le ŋkeke me.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan