Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 9:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le dzinu sia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Israel-viwo va kpe la, wotsi nu dɔ, wota akpanya, eye ke le ta me na wo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 9:1
22 Iomraidhean Croise  

kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso Saul ƒe asaɖa me va le ŋkeke etɔ̃agbe, awu vuvu le eŋu, eye ke le ta me nɛ. Eye esi wòva Dawid gbɔ la, ede ta agu, eye wòbɔbɔ.


Tete Yosafat vɔ̃, eye wotsɔ eƒe ŋku ɖo Yehowa didi ŋu, eye wòna woɖe gbe ƒã le Yuda blibo la, be woatsi nu aɖɔ.


Le dzinu adrelia ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi la edo mɔ dukɔ la woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, si Yehowa wo na Dawid kple Salomo kpakple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.


Tete mede gbe ƒã le Ahawatɔsisi la nu be, woatsi nu adɔ, ne míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mía Mawu ŋku me, eye míabia afɔ nyui tsɔtsɔ tso esi na mía ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe kesinɔnuwo katã.


Ale míetsi nu dɔ, eye míeƒo koko na mía Mawu la le esia ta, eye wowɔ edzi na mi.


Tete nunɔla Ezra tsɔ se la va ameha la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpakple amesiame, si ale ŋu ase egɔme la ŋku me le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.


Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!


Eye nuxaxa gãa ɖe ɖo Yudatɔwo dome le anyigba, siwo katã dzi fia ƒe nya kple eƒe se la de la dzi, wotsi nu dɔ, wofa avi, eye wofa konyi, eye wo dometɔ geɖewo ta akpanya hesi afi.


Ke esi wota mo te le adzɔge la, womedze sii o: tete wofa avi kple ɣli, wo dome amesiame dze eƒe awu, eye wohlẽ ke ɖe ya me wòʋuʋu ɖe woƒe ta me.


Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata;


Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye!


Gblɔ na Israel-viwo be: Tso ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi miaɖu agbadɔŋkekenyuie ŋkeke adre sɔŋ na Yehowa.


Ne mieƒo anyigba dzi nu ʋaʋãwo nu ƒu la, ekema miaɖu Yehowa ƒe ŋkekenyuie la, le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, ŋkeke adre sɔŋ; ŋkeke gbãtɔ nanye dzudzɔgbe, eye ŋkeke enyilia hã nanye dzudzɔgbe.


Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Tete Israel-viwo katã kple aʋakɔ blibo la yi Betel ɖafa avi, eye wotsi Yehowa ŋku me le afima, wotsi nu dɔ gbemagbe vaseɖe fiẽ, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ lé Yehowa ŋku me.


Eye Benyamintɔa ɖe ƒu du tso aʋagbe dzi va ɖo Silo gbemagbe; awu vuvu le eŋu, eye anyi le ta me nɛ.


Tete wova kpe ta ɖe Mizpa, eye woku tsi ƒo ɖe anyi le Yehowa ŋku me hetsi nu dɔ gbemagbe, eye wogblɔ le afima bena: Miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Eye Samuel drɔ̃ ʋɔnu Israel le Mizpa.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan