Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Woxlẽ Mawu ƒe segbalẽ la eme kɔ, eye woɖe eme, ale be wose nusi woxlẽ la gɔme.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

8 Woxlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo, eye woɖe eme wòkɔ ale gbegbe be, ameawo te ŋu se nu si xlẽm wole la gɔme.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:8
16 Iomraidhean Croise  

Eye fia la yi Yehowa ƒe aƒe la me, eye Yuda-ŋutsuwo katã kple Yerusalemtɔwo katã, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple dukɔ blibo la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa kpe ɖe eŋu, eye wòxlẽ nubabla ƒe agbalẽ, si wofɔ le Yehowa ƒe me la me nyawo katã ɖe woƒe towo me.


Agbalẽ, si míeɖo ɖe mí la, woxlẽe nam dedie.


Tete dukɔ blibo la yi be, yewoaɖaɖu nu ano nu, eye woana nu amewo, eye woatu aglo gã; elabena wose nya, si wogblɔ na wo la gɔme.


Dukɔ la tsi wo teƒe, eye Yesua. Bani, Serebya, Yamin, Akub, Sabetai, Hodiya, Maaseya, Kelita, Azarya, Yozabad, Xanan, Pelaya kple Lewi-viwo wode se la me na dukɔ la.


Tete anyigba dzikpɔla Nexemya kple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala, kpakple Lewi-vi, siwo le eme ɖem na dukɔa la, gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ŋkeke sia ŋu kɔ na Yehowa, mia Mawu la, migaxa nu o, eye migafa avi o! Elabena dukɔ blibo le avi fam, esime wose se la me nyawo.


Wotsi tre ɖe wo teƒe, eye wotsɔ ŋkeke la ƒe akpa enelia xlẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe segbalẽ lae, eye wotsɔ akpa enelia ʋu wo ɖokui mea, eye wode ta agu ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋku me.


Amegã la nenɔ wo dome, ne wova eme, eye ne wode la, wòado kpli wo.


Tete Yehowa ɖo ŋu nam gblɔ bena: Ŋlɔ ŋutega la ɖi, eye naɖee ɖe kpe dzi, be wòanya xlẽ bɔbɔe.


Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.


Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Alo míaƒe dzi melé dzo le mia me, esi wòle nu ƒom na mi le mɔa dzi, eye wòle ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí la o mahã?


Tete woʋu woƒe tame, bena wòase ŋɔŋlɔawo gome;


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan