Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Dukɔ la tsi wo teƒe, eye Yesua. Bani, Serebya, Yamin, Akub, Sabetai, Hodiya, Maaseya, Kelita, Azarya, Yozabad, Xanan, Pelaya kple Lewi-viwo wode se la me na dukɔ la.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

7 Yesua, Bani, Serebia, Yamin, Akub, Sabetai, Hodia, Maaseya, Kelita, Azaria, Yozabad, Hanan kple Pelaya, ame siwo nye Levitɔwo la, woxlẽ Se la na ameawo esi wonɔ tsitre ɖe afi ma.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:7
27 Iomraidhean Croise  

Eye fia la trɔ ko heyra Israel-ameha blibo la, eye Israel-ameha blibo la to ɖe tsitre.


Eye Xizkiya ƒo nu kple Lewi-vi, siwo katã nya mɔnu le Yehowa ƒe subɔsubɔ ŋu la, xɔlɔ̃tɔe, eye woɖu ŋkekenyuie-vɔsalã la ŋkeke adre, wosa akpedavɔ, eye woʋu go wo ɖokui na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Eye wògblɔ na Lewi-viwo, amesiwo fiãa nu Israel blibo la, eye wokɔa wo ŋu na Yehowa la bena: Mitsɔ aɖaka la yi xɔ, si Dawid vi Salomo, Israel-fia, tu la me, eye migatsɔe ɖe abɔta azɔ o. Eyata misubɔ Yehowa, mia Mawu la, kple eƒe dukɔ Israel ko.


Eye esi wònye mía Mawu ƒe asi nyui le mía dzi ta la, wokplɔ Isexei, si tso Maxli, amesi nye Lewi vi, amesi nye Israel vi ƒe viwo dome, kple Serabya kple viawo kpakple nɔviawo vɛ na mí, wole ame wuienyi.


Amesiwo ɖo ŋkɔ ete, wonye: anyigba dzikpɔia Nexemya, Xaxalya kple Zedekiya,


Zabetai kple Yozabad, amesiwo tso Lewi-viwo ƒe tatɔwo dome, eye wole gotadɔwo nu le Mawu ƒe aƒe la me


Agbonudzɔlawo nye Akub, Talmon kple wo nɔviwo, amesiwo dzɔ agboawo nu, wole ame alafa ɖeka kple blaadre vɔ eve.


Azarya, Ezra kple Mesulam,


Eya yome Lewi-viwo ɖɔe ɖo: Rexum, Bami vi, ɖɔe ɖo; amesi kpe ɖe eŋu le eɖɔɖɔɖo me hena eƒe nutowo me la, enye Xosabye, amesi nye amegã le Kegila-nutowo ƒe afa me.


Eser, Yesua vi, amesi nye amegã le Mizpa la, kpe ɖe eŋu ɖɔ akpa evelia, si le to dzi mɔ kasa la ɖo vaseɖe aʋawɔnuxɔ, si le dzogoe dzi la gbɔ.


Emegbe Benyamin kple Xasub woɖɔe ɖo le woƒe eƒe kasa; eyome Ananya vi Maaseya ƒe vi Azarya ɖɔe ɖo le eƒe aƒe ŋu.


Tete dukɔ blibo la yi be, yewoaɖaɖu nu ano nu, eye woana nu amewo, eye woatu aglo gã; elabena wose nya, si wogblɔ na wo la gɔme.


Agbalẽfiala Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe, si wotsɔ ʋuƒo wɔe ɖe nusiawo tɔgbe ŋu, eye Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Xilkiya kple Maaseya wotsi tre ɖe exa le ɖusi me, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum, Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam wole eƒe mia me.


Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye dukɔ blibo la wu asi dzi heɖo ŋu bena: Neva me! Neva me! Wobɔbɔ hede ta agu de Yehowa ŋku me, eye wotsyɔ mo anyi.


Woxlẽ Mawu ƒe segbalẽ la eme kɔ, eye woɖe eme, ale be wose nusi woxlẽ la gɔme.


Wotsi tre ɖe wo teƒe, eye wotsɔ ŋkeke la ƒe akpa enelia xlẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe segbalẽ lae, eye wotsɔ akpa enelia ʋu wo ɖokui mea, eye wode ta agu ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋku me.


Tete Yesua, Bani, Kadmiel, Sebanya, Euni, Serebya, Bani kple Kenani wotsi tre ɖe Lewi-viwo ƒe kɔkɔƒe la, eye wodo ɣli kple gbe sesi na Yehowa, woƒe Mawu la.


Eye miafia ɖoɖo, siwo katã Yehowa ɖo to Mose dzi la, Israel-viwo.


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Woawoe fiaa wò ɖoɖowo Yakob kple wò se la Israel; woawoe tsɔa dzudzɔdonu ɖoa wò ŋɔti nu, eye wotsɔa vɔsa blibo ɖoa wò vɔsamlekpui la dzi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan