Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye dukɔ blibo la wu asi dzi heɖo ŋu bena: Neva me! Neva me! Wobɔbɔ hede ta agu de Yehowa ŋku me, eye wotsyɔ mo anyi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 Azɔ la, Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye ameawo katã gblɔ be, “Amen! Neva eme!” Wodo woƒe asiwo ɖe dziƒo, wobɔbɔ de ta agu, wotsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Yehowa.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:6
30 Iomraidhean Croise  

Ke Abram gblɔ na Sodom-fia bena. Meta Yehowa, Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la


Eye ŋutsu la dze klo na Yehowa hetsyɔ mo anyi


Woakafu Yehowa Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Tete dukɔ blibo la gblɔ be: Nenɔ alea! Eye wokafu Yehowa.


Tete Dawid kafu Mawu le ameha blibo la ŋku me gblɔ bena: Woakafu wò Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, tso mavɔ me yi mavɔ me!


Eye Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Mikafu Yehowa, mia Mawu la! Tete ameha blibo la kafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye wobɔbɔ hede ta agu ɖe Yehowa kple fia la ŋku me.


Tete Yosafat ɖe ta agu, eye Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo ɖe ta agu ɖe Yehowa ŋku me, eye wodo gbe ɖa na Yehowa.


Azɔ meɖo ɖe ta me be, mabla nu kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ne eƒe dɔmedzoe nu nala ɖe mía ŋu.


Tete fia Xizkiya kple amegãwo ɖo na Lewi-viwo be, woatsɔ Dawid kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Yehowa. Wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Eye wògblɔ bena: Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si tsɔ eƒe nu gblɔ nya na fofonye Dawid, eye wòtsɔ eƒe asi wo edzi hegblɔ bena;


Meʋuʋu nye akɔnu gblɔ bena: Ale Mawu aʋuʋu amesiame, si mewɔ nya sia dzi o la, tso ele me kple eƒe nuwo gbɔe, eye alea wòaʋuʋui wòaɖi gbɔlo! Tete ameka blibo la do ŋu bena: Neva me! Eye wokafu Yehowa. Eye dukɔ la wɔ nya sia dzi.


Dukɔ la tsi wo teƒe, eye Yesua. Bani, Serebya, Yamin, Akub, Sabetai, Hodiya, Maaseya, Kelita, Azarya, Yozabad, Xanan, Pelaya kple Lewi-viwo wode se la me na dukɔ la.


Miwu miaƒe asiwo dzi ɖo ɖe kɔkɔeƒe la gbɔ, eye mikafu Yehowa!


Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.


Se nye kokoƒogbe, ne meɖo ɣli na wò, eye mewu nye asiwo dzi ɖo ɖe wò kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la!


Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.


Elabena wò amenuveve nyo wu agbe; nye nuyiwo akafu wò.


Elabena Mawu gã enye Yehowa kple fia ga de mawuwo katã dzi.


ekema migblɔ na wo bena: Esia enye ŋutitotovɔsa na Yehowa, amesi tso míaƒe aƒewo ɖi le Egipte-nyigba dzi, eye wowu Egiptetɔwo; ke ekpɔ miaƒe aƒewo ta. Tete dukɔ la de ta agu, eye wodo gbe ɖa.


Esi dukɔ la se bena: Yehowa ɖo ŋku Israel-viwo dzi, eye wòkpɔ woƒe teteɖanyi la, woxɔe se, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


gblɔ bena: Neva me, Yehowa newɔ alea! Yehowa newɔ wò nya, si negblɔ ɖi la dzi, eye woahe Yehowa ƒe aƒe me miawo kple aboyomeawo katã tso Babel agbɔ va teƒe sia.


Mina míakɔ míaƒe dzi kple míaƒe asiwo dzi ɖo ɖe Mawu le dziƒo.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã numevɔsalã kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Dukɔ blibo la kpɔe, eye wotso aseye hetsyɔ mo anyi.


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Elabena ne èle akpe dam kple gbɔgbɔ la, aleke lawɔ, amesi le numanyamanyatɔ nɔƒe la, agble amen aƒu wò akpedada dzi, esi menya nusi nègblɔ la o mahã?


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


Woakafu Mawu, mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me,


Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena:


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan