Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye agbalẽfiala Ezra ʋu agbalẽ la le dukɔ blibo la ŋku me, elabena ekɔ de dzi wu dukɔ blibo la; eye esi wòʋui la, dukɔ blibo la tsi tre.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

5 Ezra ʋu agbalẽ la. Amewo katã ate ŋu akpɔe, elabena etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe, eye esi wòʋu agbalẽa la, ameawo katã tsi tsitre.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:5
6 Iomraidhean Croise  

Ɣemaɣi Salomo gblɔ bena; Yehowa gblɔ be, yeana alilikpo dodo me.


Eye fia la trɔ ko heyra Israel-ameha blibo la, eye Israel-ameha blibo la to ɖe tsitre.


Eye wòxlẽe le dogba dzi le tsigbo la nu le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple amesiwo ate ŋu ase egɔme la ŋku me tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta, eye dukɔ blibo la ƒe to le te ɖe segbalẽ la ŋu.


Agbalẽfiala Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe, si wotsɔ ʋuƒo wɔe ɖe nusiawo tɔgbe ŋu, eye Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Xilkiya kple Maaseya wotsi tre ɖe exa le ɖusi me, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum, Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam wole eƒe mia me.


Eye Ehud yi egbɔ, esime wòle dziƒoxɔ, si me eya ɖeka nɔna xɔa ya la me. Ehud gblɔ ne bena: Mehe Mawu ƒe gbe vɛ na wò! Tete wòtsi tre tso eƒe zikpui la dzi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan