Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Agbalẽfiala Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe, si wotsɔ ʋuƒo wɔe ɖe nusiawo tɔgbe ŋu, eye Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Xilkiya kple Maaseya wotsi tre ɖe exa le ɖusi me, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum, Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam wole eƒe mia me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

4 Agbalẽfiala Ezra de agba kɔkɔ aɖe si wowɔ kple ʋuƒo hena ŋkekea la dzi. Matitia, Sema, Anaya, Uria, Hilkia kple Maaseya, wonɔ tsitsre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Hasum, Hasbadana, Zekaria kple Mesulam wonɔ tsitre ɖe eƒe miame.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:4
16 Iomraidhean Croise  

Elabena Salomo tsɔ akɔbli wɔ kɔkɔƒea ɖee heda ɖe xɔxɔnu la titina; edidi abɔklugui atɔ̃, keke abɔklugui atɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui atɔ̃; eya dzi wòtsi tre ɖo hedze klo le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo


Amesiwo tso Bani viwo dome la, wonye Mesulam, Malux, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot.


Amesiwo tso Xasum viwo dome la, wonye Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei.


Xaloxes, Pilxa, Sobek,


Seraya, Azarya, Yeremya,


Daniyel, Gineton, Barux,


kple Maaseya, Barux vi, amesi nye Kol-Xoze vi, amesi nye Xazaya vi, amesi enye Adaya vi, amesi enye Yoyarib vi, amesi nye Zaxarya ve amesi nye Siionitɔ ƒe vi


Benyamin-viwo nye Salu, Mesulam vi, amesi nye Yoed vi, amesi nye Pedaya yi, amesi nye Kolaya vi, amesi nye Maaseya vi, amesi nyee Itiel vi, amesi nyee Yesaya vi;


Mesulam na Ezra; Yoxanan na Amarya;


Eye wòxlẽe le dogba dzi le tsigbo la nu le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple amesiwo ate ŋu ase egɔme la ŋku me tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta, eye dukɔ blibo la ƒe to le te ɖe segbalẽ la ŋu.


Eye agbalẽfiala Ezra ʋu agbalẽ la le dukɔ blibo la ŋku me, elabena ekɔ de dzi wu dukɔ blibo la; eye esi wòʋui la, dukɔ blibo la tsi tre.


Wotsi tre ɖe wo teƒe, eye wotsɔ ŋkeke la ƒe akpa enelia xlẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe segbalẽ lae, eye wotsɔ akpa enelia ʋu wo ɖokui mea, eye wode ta agu ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋku me.


Tete Yesua, Bani, Kadmiel, Sebanya, Euni, Serebya, Bani kple Kenani wotsi tre ɖe Lewi-viwo ƒe kɔkɔƒe la, eye wodo ɣli kple gbe sesi na Yehowa, woƒe Mawu la.


Agbalẽfialawo kple farisitɔwo bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi;


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan