Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wòxlẽe le dogba dzi le tsigbo la nu le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple amesiwo ate ŋu ase egɔme la ŋku me tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta, eye dukɔ blibo la ƒe to le te ɖe segbalẽ la ŋu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 Exlẽe na wo kple ɣli tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to. Edze ŋgɔ ablɔ si le Tsigbo la ŋgɔ le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la ŋkume. Ameawo katã wonɔ to dzi esime wònɔ Segbalẽ la xlẽm.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:3
25 Iomraidhean Croise  

Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la,


Gbemagbe woxlẽ Mose ƒe segbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me, eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o;


Esi Israel-viwo le woƒe duwo me, eye dzinu adrelia do la, dukɔ blibo la ƒo ƒu sɔsɔe ɖe dogba dzi de tsigbo la nu; eye wogblɔ na agbalẽfiala Ezra bena, wòatsɔ Mose ƒe se, si Yehowa de na Israel la ƒe agbalẽ va.


Exlẽ Mawu ƒe segbalẽ la gbesiagbe tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke mlɔetɔ̃ dzi. Woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre sɔŋ, eye ŋkeke enyilia nye takpegbe, abe alesi wònye kɔnui ene.


Agbalẽfiala Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe, si wotsɔ ʋuƒo wɔe ɖe nusiawo tɔgbe ŋu, eye Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Xilkiya kple Maaseya wotsi tre ɖe exa le ɖusi me, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum, Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam wole eƒe mia me.


Eye agbalẽfiala Ezra ʋu agbalẽ la le dukɔ blibo la ŋku me, elabena ekɔ de dzi wu dukɔ blibo la; eye esi wòʋui la, dukɔ blibo la tsi tre.


Dawid ŋuta yɔe be Aƒetɔ, eye afika gɔ̃ wòtso wònye via mahã? Eye ameha gã la ɖo toe dzidzɔtɔe.


eye womekpɔ alesi woawɔ o; elabena dukɔ la katã ku de eŋu hele to ɖomii.


Eyaŋuti mikpɔ nyuie, alesi miese; elabena amesi nu le esi la, woanae; eye amesi nu mele esi o la, woaxɔ nusi wòsusu be, ele ye si hã le esi.


Eye esi woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo megbe la, fuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃menyaa ɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.


Elabena amesiwo le Yerusalem kple woƒe dziɖulawo, esi womedze si amesia kple nyagblɔɖilawo ƒe gbe, siwo woxlẽna le Sabat sia Sabat dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Elabena tso blema ke Mose ƒe gbeƒãɖelawo le du sia du me le esime be, woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo le Sabat sia Sabat dzi.


Eye nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Lidia, aɖabɛdzrala tso Tiatira-dua me, amesi vɔ̃a Mawu la, ɖo to, amesi ƒe dzi Aƒetɔ la ʋu bena, wòlé to ɖe nya, siwo gblɔm Paulo le la ŋu.


Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.


Eye esi wogayi dziaƒo la, eŋe abolo, eye woɖu, eye wògaƒo nu geɖe na wo vaseɖe fɔŋli me, eye ale wòdzo.


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Eye Mose ŋlɔ se sia ƒe nyawo, eye wòtsɔe ɖe asi na nunɔlawo, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, kpakple Israel-ame tsitsiwo katã.


Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.


Nya, siwo katã Mose gblɔ la, dometɔa ɖeke metsi anyi, si Yosua mexlẽ na Israel-ha blibo la, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple amedzro, siwo le wo dome la o.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Amesi ke to li nɛ la, nèse nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan