Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete nunɔla Ezra tsɔ se la va ameha la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpakple amesiame, si ale ŋu ase egɔme la ŋku me le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Ale le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nunɔla Ezra tsɔ Segbalẽ la do goe ɖe ameha la ŋkume, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la woe ƒo ƒu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:2
14 Iomraidhean Croise  

Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la,


Gbemagbe woxlẽ Mose ƒe segbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me, eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o;


Exlẽ Mawu ƒe segbalẽ la gbesiagbe tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke mlɔetɔ̃ dzi. Woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre sɔŋ, eye ŋkeke enyilia nye takpegbe, abe alesi wònye kɔnui ene.


Tete anyigba dzikpɔla Nexemya kple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala, kpakple Lewi-vi, siwo le eme ɖem na dukɔa la, gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ŋkeke sia ŋu kɔ na Yehowa, mia Mawu la, migaxa nu o, eye migafa avi o! Elabena dukɔ blibo le avi fam, esime wose se la me nyawo.


Le dzinu sia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Israel-viwo va kpe la, wotsi nu dɔ, wota akpanya, eye ke le ta me na wo.


Ameka wòafia sidzedzee, eye ameka wòaɖe nya gome na? Ɖevi, si dzudzɔ notsi, kple ɖevi, si ɖi le noea?


Gblɔ na Israel-viwo be: Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nanye dzudzɔgbe, kpẽkugbe hena ŋkuɖoɖodzi kple takpegbe kɔkɔe na mi.


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kɔkɔe na mi eve miawɔ asinudɔa ɖeke o; kpẽkugbe wòanye na mi.


Elabena tso blema ke Mose ƒe gbeƒãɖelawo le du sia du me le esime be, woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo le Sabat sia Sabat dzi.


Eye ne eva fiazi dzi la, wòana Lewitɔwo, siwo nye nunɔlawo la, nagbugbɔ se sia aŋlɔ nɛ ɖe agbalẽ me.


Nya, siwo katã Mose gblɔ la, dometɔa ɖeke metsi anyi, si Yosua mexlẽ na Israel-ha blibo la, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple amedzro, siwo le wo dome la o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan