Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Exlẽ Mawu ƒe segbalẽ la gbesiagbe tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke mlɔetɔ̃ dzi. Woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre sɔŋ, eye ŋkeke enyilia nye takpegbe, abe alesi wònye kɔnui ene.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

18 Gbe sia gbe, tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Ezra xlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo. Woɖu azã la ŋkeke adre, eye abe ale si wòle Sea nue ene la, woyɔ takpekpe le ŋkeke enyia gbe.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:18
7 Iomraidhean Croise  

Tete nunɔla Ezra tsɔ se la va ameha la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpakple amesiame, si ale ŋu ase egɔme la ŋku me le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.


Eye wòxlẽe le dogba dzi le tsigbo la nu le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple amesiwo ate ŋu ase egɔme la ŋku me tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta, eye dukɔ blibo la ƒe to le te ɖe segbalẽ la ŋu.


Ŋkeke adre miasa dzovɔ na Yehowa. Ŋkeke enyilia nanye takpegbe kɔkɔe na mi, eye miasa dzovɔ na Yehowa; takpegbe wònye, miawɔ asinudɔa ɖeke o.


Eye miaɖui wòanye ŋkekenyuie na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ le ƒe ɖeka me. Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo, ɣleti adrelia me miaɖui.


Ŋkeke enyilia enye takpegbe na mi, eye miawo asinudɔa ɖeke o.


Ke le ŋkeke mamletɔ, si nye ŋkekenyuie gatɔ dzi la, Yesu le tsitre, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, neva gbɔnye, eye wòano tsi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan