Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 8:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete dukɔ la yi ɖatsɔ wo, eye amesiame wɔ, agbadɔ de eƒe xɔta, woƒe xɔxɔnuwo, mawuƒe la ƒe xɔxɔnuwo kple tsigbo la ƒe ablɔ me kpakple Efrayim-gbo la ƒe ahiɔ me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

16 Ale ameawo yi ɖatso atilɔawo hetu agbadɔwo ɖe gbadzaƒewo le xɔwo tame, ɖe xɔxɔnuwo, gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, ɖe gbadzaƒe si le Tsigbo la ŋgɔ kple ɖe gbadzaƒe si le Efraimgbo la ŋgɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 8:16
12 Iomraidhean Croise  

Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


Israel-fia Yoas lé Yuda-fia Amazya, Axazya vi Yoas ƒe vi, le Bet-Semes, eye wòkplɔe va Yerusalem. Eye wògbã Yerusalem ƒe gli tso Efrayim-gbo la nu vaseɖe dzogoedzigbo la gbɔ, ele abɔklugui alafa ene.


Tete Yosafat va Yuda kple Yerusalem ƒe takpekpe la me le Yehowa ƒe me le kpɔ yeye la ŋgɔ


Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuawo kple eve.


Woɖo ta vudogbo la gbɔ, eye wole ŋgɔmɔ tẽ heto atrakpuiawo dzi va Dawid ƒe du la gbɔ; wolia gli la to Dawid ƒe xɔ gbɔ vaseɖe tsigbo la gbɔ le ɣe dzeƒe gome.


Wole Efrayim-gbo, ɖu xoxo la ƒe egbe kple tɔmelãgbo le la me va to xɔ tsrala Xananeel kple xɔ tsrala Mea ŋu vaseɖe alẽgbo la gbɔ, eye wotɔ ɖe gaxɔgbo la gbɔ.


Gbedoxɔ me dɔwɔlawo nɔ Ofel dzi vaseɖe tsigbo, si le ɣedzeƒe gome, kple xɔ tsrala, si do gɔ̃ la kasa.


Esi Israel-viwo le woƒe duwo me, eye dzinu adrelia do la, dukɔ blibo la ƒo ƒu sɔsɔe ɖe dogba dzi de tsigbo la nu; eye wogblɔ na agbalẽfiala Ezra bena, wòatsɔ Mose ƒe se, si Yehowa de na Israel la ƒe agbalẽ va.


Eye wòxlẽe le dogba dzi le tsigbo la nu le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple amesiwo ate ŋu ase egɔme la ŋku me tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta, eye dukɔ blibo la ƒe to le te ɖe segbalẽ la ŋu.


Eye mado gu Yerusalem-xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo abe teƒe Tofet ene, xɔ, siwo katã ta me wodo dzudzɔ le na dziƒo ŋu nuwo katã, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le.


Eye Kaldeatɔ, siwo le aʋa wɔm kple du sia la, age ɖe eme, woatɔ dzo du sia, eye eya kple xɔ, siwo ta me wodo dzudzɔ na Baal, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dzikui nam la, afiã.


Ne ètu xɔ yeye la, ekema to kpɔ ɖe xɔ la ta, bena amea ɖeke magage le edzi, eye nana wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan