Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 7:73 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

73 Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo, agbonudzɔlawo kple hadzilawo kple amesiwo tso dukɔ la me, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kple Israel blibo la nɔ woƒe duwo me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

73 Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me. Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 7:73
7 Iomraidhean Croise  

Eye woyi ɖayɔ dua ƒe agbonudzɔlawo gblɔ na wo bena: Miede Aramtɔwo ƒe asaɖa me, eye kpɔ ɖa, amea ɖeke meli o, eye amegbetɔ ƒe gbe meɖi o, ke boŋ wode ka sɔwo kple tedziwo ɖi, eye agbadɔwo li, abe alesi wole ene.


Amesiwo no woƒe anyigba dzi le woƒe duwo me gbã, wonye: Israel nunɔlawo, Lewi viwo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo.


Ale nunɔlawo kple Lewi-viwo kple amesiwo tso dukɔ la dome, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo nɔ woƒe duwo me, eye Israel blibo la nɔ woƒe duwo me.


Esi Israel-viwo le woƒe duwo me, eye dzinu adrelia ɖo la, dukɔ la va kpe ta de Yerusalem sɔsɔe.


Anyigba dzikpɔla, siwo nɔ Yerusalem la, wonye si: ke Israel, nunɔlawo Lewi-viwo, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple Salomo ƒe dɔlawo ƒe viwo nɔ Yuda-duwo me, amesiame nɔ eƒe anyigba dzi le eƒe du me —


Nusiwo dukɔ mamlea na la, wonye: sika dariko akpe blave, klosalo mine akpe eve kple nunɔlawo ƒe dziwui blaade vɔ adre.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan