Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 7:70 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

70 Aƒekɔwo ƒe amegãa ɖewo na nu ɖe dɔ la ŋu. Nusiwo anyigba dzikpɔla na hetsɔ de kesinɔnu la me la, wonye: sika dariko akpe ɖeka, ʋutre blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe dziwui alafa atɔ̃ kple blaetɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

70 Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃ (530).

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 7:70
15 Iomraidhean Croise  

kple zewo, sofiwo kple trewo. Nusiawo katã Xiram tsa akɔbli, si ŋu wozrɔ̃ la, wòe na fia Salomo hena Yehowa ƒe aƒe la.


sika nyuitɔ ɖe gaflowo, ʋutrewo kple kpluwo kpakple sikagoeawo ŋu, alesi atu goe ɖesiaɖe nu; kple klosalo ɖe klosagoeawo ŋu, alesi atu goe ɖesiaɖe nu;


Eye Xuram wɔ zewo, sofiwo kple trewo. Ale Xuram wu Mawu ƒe xɔ ŋu ɖɔ la nu na fia Salomo,


Ewɔ kplɔ̃ ewo hetsɔ da ɖe dodonuxɔ la me, wo ame atɔ̃ le ɖusi me, eye wo ame atɔ̃ le mia me; eye wòwɔ sikatre alafa ɖeka.


Le nusiawo katã megbe la míebla nu ɖikaa, eye míeŋlɔe ɖi na míaƒe amegãwo, míaƒe Lewi-viwo kple míaƒe nunɔlawo, eye míeɖo ŋkɔ ete.


Eye anyigbanua dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe-tɔwo ƒe ɖeke o, vaseɖe esime nunɔla natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.


kposɔwo le alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye tedziwo le akpe ade alafa adre kple blave.


Nusiwo aƒekɔwo ƒe amegãa ɖewo na hetsɔ de kesinɔnuawo me de dɔ la, wonye: sika dariko akpe blave, klosalo mine akpe eve kple alafa eve.


Tete anyigba dzikpɔla Nexemya kple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala, kpakple Lewi-vi, siwo le eme ɖem na dukɔa la, gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ŋkeke sia ŋu kɔ na Yehowa, mia Mawu la, migaxa nu o, eye migafa avi o! Elabena dukɔ blibo le avi fam, esime wose se la me nyawo.


Eye mitsɔ isop babla nyrɔ̃ ɖe ʋu, si le ze me la me, eye miatsɔ ʋu, si le zea me la, asisi ɖe ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti. Ke mia dometɔa ɖeke megado go le xɔ me ɖe ʋɔtru nu, vaseɖe ŋu nake o!


Eye Mose ku ʋu la ƒe afã ɖe ze me, eye wõhlẽ ʋu la ƒe afã ɖe vɔsamlekpui la ŋu.


Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã tsɔ nusiwo nye sika kple klosalo sɔŋ la dzoe. Kpluwo, sonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, gatsiwo kple agbawo.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan