Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esime woɖo gliawo, eye mede agboawo vɔ la, woɖo agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Lewi-viwo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 7:1
12 Iomraidhean Croise  

Eye woyi ɖayɔ dua ƒe agbonudzɔlawo gblɔ na wo bena: Miede Aramtɔwo ƒe asaɖa me, eye kpɔ ɖa, amea ɖeke meli o, eye amegbetɔ ƒe gbe meɖi o, ke boŋ wode ka sɔwo kple tedziwo ɖi, eye agbadɔwo li, abe alesi wole ene.


Eye Xizkiya ɖo nusiawo kple Lewi-viwo ƒe hawo. Nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe hawo dome ɖesiaɖe le eƒe da nu ɖe numevɔsa kple akpedavɔsa ŋu, eye woasubɔ, woada akpe, eye woakafu le Yehowa ƒe asaɖa la ƒe agbowo nu.


Esi wogbɔ va Mawu ƒe aƒe la gbɔ le Yerusalem la, Zerubabel, Sealtiel vi, kple Yesua, Yozadak vi, kpakple wo nɔvi susɔeawo, nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple amesiwo katã gbɔ tso abe yo me va Yerusalem la, wodze egɔme le ƒe eve megbe le dzinu evelia me. Woɖo Lewi-vi, siwo xɔ ƒe blave, kpakple edzivɔwo la, ne woana Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ nu.


Eye ne Lewi-viwo le nuawo ƒe ewolia dzɔm la, nunɔla, si nye Aron vi la, nanɔ Lewi-viawo gbɔ, eye Lewi-viawo natsɔ nuawo ƒe ewolia ƒe ewolia ayi nudzradoƒexɔwo me le mía Mawu ƒe aƒe la me.


Anyigba dzikpɔla, siwo nɔ Yerusalem la, wonye si: ke Israel, nunɔlawo Lewi-viwo, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple Salomo ƒe dɔlawo ƒe viwo nɔ Yuda-duwo me, amesiame nɔ eƒe anyigba dzi le eƒe du me —


Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo nye; Xasabya, Serebya kple Yesua, Kadmiel vi; eye wo nɔyiwo tsi tre ɖe wo kasa, be woakafu, eye woada akpe le Mawu ƒe ame Dawid ƒe sedede nu, ameha ɖe ameha yome.


Eye wòva me, esime Sanebalat, Tobiya kple Arabiatɔ Gesem kpakple míaƒe tutɔ mamleawo se be, mede gliawo, eye gbagbãƒea ɖeke megale eŋu o la, — vaseɖe ɣemaɣi la, nyiemekpɔ de agbo mɔnuwo nu haɖe o —


Gli la wu nu le ŋkeke blaatɔ̃ va eve megbe le dzinu Elul ƒe ŋkeke blave vɔ atɔ̃lia dzi.


Woƒo nu nyuie hã le eŋu nam, eye woɖo nye nyawo ɖe egbɔ. Ale Tobiya ɖo agbalẽ ɖa, be yeatsɔ ado ŋɔdzi nam enye si.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan