Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 6:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòva me, esime Sanebalat, Tobiya kple Arabiatɔ Gesem kpakple míaƒe tutɔ mamleawo se be, mede gliawo, eye gbagbãƒea ɖeke megale eŋu o la, — vaseɖe ɣemaɣi la, nyiemekpɔ de agbo mɔnuwo nu haɖe o —

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Esi Sanbalat kple Tobia kple Gesem, Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be, esusɔ vie ko míawu gli la ɖoɖo nu, eye gbagbãƒe aɖeke megasusɔ o, togbɔ be míede ʋɔtru agboawo nu o hã la,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 6:1
10 Iomraidhean Croise  

Do ŋgɔ na esia la, nunɔla Elyasib, amesi wotsɔ ɖo mía Mawu ƒe aƒe ƒe xɔwo nu, eye wòɖo ƒome kple Tobiya la, dzra xɔ loloe ɖeka me do nɛ,


Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe ɖɔla Tobiya wosee la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be, amea ɖe va nyui di ge na Israel-viwo.


Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe dɔla Tobiya kpakple Arabiatɔ Gesem wosee la, woɖu fewu heɖe alɔme le mia bu gblɔ bena: Nuka nye esi wɔm míele, ɖe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?


Tete nunɔlagã Elyasib kple si nɔviawo, siwo nye nunɔlawo la, wotso, eye woɖe alẽgbo la, wokɔ eŋu, eye woɖe ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu vaseɖe xɔ tsrala Hamea kple xɔ tsrala Xananel gbɔ.


Sena viwo ɖe tɔmelãgbo la wokpae, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo wo nu:


Yoyada, Peseax vi, kple Mesulam, Besodya vi, wode agbo xoxo la woli kpae, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo wo nu.


Ke esi Sanebalat kple Tobiya, Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kpakple Asdodtɔwo se be, woɖɔ Yerusalem ŋu gliwo ɖo, eye gbagbãƒeawo ɖe asi xexe me la, dzi ku wo ŋutɔ,


Esime woɖo gliawo, eye mede agboawo vɔ la, woɖo agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Lewi-viwo.


Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan