Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete megblɔ bena: Nusi wɔm miele la, menye o, Esi dukɔ, siwo nye míaƒe futɔwo, le alɔme ɖem le mía ŋu la, ɖe míagbe zɔzɔ le mía Mawu la vɔvɔ̃ mea?

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

9 Meyi edzi gblɔ na wo be, “Nu si wɔm miele la nye nu vɔ̃. Ɖe miazɔ le mawuvɔvɔ̃ me oa? Ɖe futɔ, siwo le didim be yewoatsrɔ̃ mí la mesɔ gbɔ le mía ŋuti le dukɔ siwo ƒo xlã mí la me xoxo oa?

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 5:9
21 Iomraidhean Croise  

Abraham gblɔ bena: Mebu be, afisiatɔwo manya vɔ̃a Mawu o, eye woawum le srɔ̃nye ta mahi.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Yosef gblɔ na wo bena: Miwɔ esia, ne míatsi agbe, elabena mevɔ̃a Mawu.


Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.


Tete Yuda gblɔ bena: Ŋusẽ vɔ le agbatsɔlawo ŋu, eye anyiglãgoawo sɔ gbɔ akpa, eye míate ŋu aɖo gli la o.


Mía kple nɔvinyewo kple nye ɖekakpuiawo hã míedo ge kple bli gbana na wo; mina míatsɔ fe la ake wo dzro!


Anyigba dzi kpɔla tsãtó, siwo nɔ ŋgɔnye la, do agba na dukɔ la, eye woxɔa abolo kple wein wòwu klosalo sekel blane le wo si gbesiagbe, eye woƒe ɖekakpuiwo hã se ŋuta le dukɔ la ŋu; ke nye la nyemewɔ alea o, le vɔvɔ̃ na Mawu ta.


Amekae dze si wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ kple wò dziku de alesi woavɔ̃ wò nui?


Ŋutasẽla blea ehavi nu, eye wòkplɔnɛ ma mɔ manyomanyo dzi.


Tohehe na ame dzɔdzɔewo menyo o, ʋuu keke wòahayi bubume, siwo wɔa nuteƒe la, ƒoƒo nye ge o.


Ame vɔ̃ɖi dziɖeɖe, ne woate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, menyo o.


Nudzodzro tamebubu manɔmee menyo o, eye amesi do du eƒe afɔ la, ada aƒu.


Nya siawo hã tso nunyalawo gbɔ. Ame dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.


Eye esi wova dukɔwo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, le afisiafi, si woyi, ale be wole gbɔgblɔm le wo ŋu bena: „Yehowa ƒe dukɔe nye esia, eye eƒe anyigba dzi woɖu tso“


Megabia deme le esi o, eye megaɖi kasae o, bena nɔviwò nanɔ agbe le gbɔwò.


Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.


Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.


woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Menyo o hee, vinyewo! Elabena nya, si Yehowa ƒe dukɔ la le gbɔgblɔm mese la, menye nya nyui wònye o!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan