Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye ame bubuwo gblɔ bena: Míetsɔ míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo ɖo awɔba, bena míate ŋu adzɔ nu na fia la.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

4 Ame bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Ele na mí be míado ga axe adzɔgae na fia la ɖe míaƒe agblewo kple waingblewo ta.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 5:4
9 Iomraidhean Croise  

woƒe vi, siwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi le wo megbe, amesiwo Israel mete ŋu tsrɔ̃ gbidigbidi o la, fia Salomo tsɔ wɔ yakadɔwɔlawoe vaseɖe egbe.


Azɔ fia la nanyae be, ne wotso du sia, eye woflɔ gliawo nu la, ekema woagbe nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nana, eye mlɔe ke la woade fiawɔ bla me.


Fia sẽŋuwo nɔ Yerusalem, wokpɔ ŋusẽ ɖe anyigba siwo katã le tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la dzi, eye wona nudzɔdzɔ kple adzɔ kple mɔtaho wo.


Eye míele nanam mianyae be, amea ɖeke mekpɔ ŋusẽ be, wòaɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho na nunɔlawo, Lewi-viwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedɔxɔ me dɔwɔlawo kple mawuxɔ la ŋu dɔlawo katã o.


Amea ɖewo gblɔ be: Míatsɔ míaƒe agblewo, míaƒe weingblewo kple míaƒe xɔwo aɖo awɔba aƒle blii le ɖɔŋɔli la.


Edzi agblemenu wo le dzidzim ɖe dzi na fia, siwo nètsɔ ɖo mía nu le míaƒe nuvɔ̃wo ta la, woɖu míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi, alesi dze wo ŋu, eye míeɖo xaxa gã me.


Kesinɔtɔ ɖua fia ɖe ame dahe dzi; amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.


Ke Womenya Kanaanitɔ, siwo nɔ Geser la ɖa o, eyata Kanaanitɔwo tsi Efrayim dome vaseɖe egbe, eye wona wowɔ dɔ na wo yaka.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan