Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 5:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye dukɔ la kple wo srɔ̃wo ƒe ɣli ɖi hoo de wo nɔvi Yudatɔwo ŋuti,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tsitre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 5:1
15 Iomraidhean Croise  

eye womehe ame dahewo ƒe ɣlidodo va eŋku me, ne wòase hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, esime fia Zedekiya bia nu kple dukɔ, si le Yerusalem la, be wòaɖe gbe ƒã ablɔɖe na wo megbe,


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel-amegãwo, esɔ gbɔ na mi azɔ! Miɖe asi te ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ŋu; miwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye midzudzɔ adzodada nye dukɔ; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eye nusi miagawɔ evevea la, enye si: Miatsɔ aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe anyẽ atsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la, elabena megatrɔna ɖe mia ŋu o, eye mexɔa nusi dzea eŋu la, tso mia si me o.


Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?


Eye esi ŋu gake la, eva ɖo ɖe wo dzi, le esime wole kɔ dam, eye wòlé avu wo gblɔ bena: „Ŋutsuwo, nɔviwò míenye! Nukaŋuti miele nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mia nɔewo ŋu?“


Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan