Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke esi Yudatɔ, siwo tso teƒewo katã le wo gbɔ la, va gblɔ na mi zi ewo be, mítrɔ va yewo gbɔ la,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo wɔ dɔ sesĩe kple moveviɖoɖo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 4:6
13 Iomraidhean Croise  

elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye, be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me miexɔ wo le hetsɔ na wò.


Eye esi wònye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye Mawu ƒe aƒea ŋu ta la, mena nye ŋutɔ nye sika kple klosalo, siwo metu ɖo la, ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kpe ɖe nusiwo katã medzra ɖo ɖe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la ŋuti la ŋu:


Eye Xizkiya kple dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ le nusi Mawu wɔ na dukɔ la ŋuti, elabena ɖeko wòva dzɔ zi ɖeka kpoyi.


Tete míaƒe futɔwo gblɔ bena; Womegadze sii o, eye womegakpɔ mi o, vaseɖe esime míaɖo wo dome, eye míawu wo ahana dɔ la nu natso.


tete mede amewo do anyigbe gome le glia godo le gbagbagbe; meɖo dukɔ la le woƒe ƒomeawo nu, eye wole woƒe yiwo, akplɔwo kple dawo ɖe asi.


Gli la wu nu le ŋkeke blaatɔ̃ va eve megbe le dzinu Elul ƒe ŋkeke blave vɔ atɔ̃lia dzi.


Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Wò Yerusalem, si wogbugbɔ tso, eye nèlé abe du, si wotsiã ɖe wo nɔewo nu ene.


Tete Yehowa de dzo lã me na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ ƒe susɔeawo katã, be wova hewɔ dɔ le Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la ƒe xɔ la ŋu,


Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan