Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye wo kalã wobla be, yewoaho aɖawɔ ana kple Yerusalem, eye yewoaɖe ʋunyaʋunya eme.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, “Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu dɔ wɔm ɖa!”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 4:2
17 Iomraidhean Croise  

Eye anyigba dzi dukɔ la do alogblɔdɔ Yuda-dukɔ la, eye wodo ŋɔdzi na wo le xɔ la tutu me.


Esi wole Yerusalem ŋu gliawo ŋu kɔ ge la, woɖadi Lewi-viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ, ne woatsɔ akpedahawo, hadzidziwo, gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aɖu glia ŋu kɔkɔ ŋkekenyuie kple dzidzɔ ŋkekenyuie lae.


Wosa vɔ geɖe gbemagbe, eye wokpɔ dzidzɔ, elabena Mawu do dzidzɔ gã na wo; nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose Yerusalem ƒe dzidzɔ la ŋkɔ le didiƒe ke.


Tso gbemagbe nye ɖekakpuiawo ƒe afa woa dɔ, eye afa evelia léa akplɔ, akpoxɔnu kple da ɖe asi, eye wodo gawu, eye amegãwo tsi tre ɖe Yuda ƒe aƒe blibo la megbe.


Gli la wu nu le ŋkeke blaatɔ̃ va eve megbe le dzinu Elul ƒe ŋkeke blave vɔ atɔ̃lia dzi.


Wole tame ɖom le aye me de wò dukɔ ŋu, eye wole adaŋu dem ɖe wò amesiwo nèɣla la ŋu.


Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.


Mèdze si nya, si gblɔm dukɔ sia le bena: „Yehowa gbe ƒome eve, si wòda“ la oa? Ale wole alɔme ɖem le nye dukɔ ŋu, eye megaɖi dukɔ le wo ŋku me o.


Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi.


Yehowa, esi mese nya le ŋuwò la, vɔvɔ̃ ɖom! Yehowa, gbɔ agbe wò dɔwɔwɔ le ƒewo ƒe domedomee, ɖee fia Ie ƒewo ƒe domedomee; ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi le dɔmedzoedodo me!


Ɣemaɣl la Yehowa akpɔ Yerusalemtɔwo ta, woƒe ame beliwo anɔ ɣemaɣi abe Dawid ene, eye Dawid ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, abe Yehowa ƒe dɔla ene adze wo ŋgɔ.


Elabena amekae ado vlo gɔmedzedze nyaŋui? Weakpɔ tsumikpe, si le Zerubabel si la, kple dzidzɔ, wo ame aɖre siawo nye Yehowa ƒe ŋku, siwo le tsatsam le anyigba blibo la dzi.


hafi Mawu tia xexeame bometsinuwo, bene wòaɖo ŋukpe nunyalawo, eye Mawu tia xexeame gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, bene wòado ŋukpe nu sesẽwo;


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan