Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 3:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Meremot, Hakoz vi Uriya ƒe vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, Mesulam, Mesezabeel vi Berexya ƒe vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, eye Zadok, Baana vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

4 Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi wogbugbɔ gli la ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam, Berekia ƒe vi kple Mesezabel ƒe tɔgbuiyɔvi kple Zadok, Baana ƒe vi, hã woɖo gli la ƒe akpa bubuwo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 3:4
11 Iomraidhean Croise  

Amesiwo tso nunɔlawo viwo dome, wonye Xabaya viwo, Hakoz viwo kple Barzilai, amesi de srɔ̃ tso Gileadtɔ Barzilai ƒe vinyɔnuwo dome, eye woyɔe le nyɔnuawo ƒe ŋkɔ nu la ƒe viwo.


Le ŋkeke eneagbe la woda klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnuawo le mía Mawu ƒe aƒe la me de asi na nunɔla Meremot, Uriya vi; Eleazar, Pinexas vi, kpe ɖe eŋu, eye Yozabad, Yesua vi, kple Noadya, Binui vi, amesiwo nye Lewi-viwo, kpe ɖe wo ŋu.


Dukɔ la ƒe latɔwo nye: Pareos, Paxat-Moab, Elam, Zatu, Bani,


Magpias, Mesulam, Xezir,


Daniyel, Gineton, Barux,


Eya yome Meremot, Xakoz vi Uriya ƒe vi, ɖɔe ɖo yi dzi tso Elyasib ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu vaseɖe Elyasib ƒe aƒe ƒe mlɔenu.


Sena viwo ɖe tɔmelãgbo la wokpae, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo wo nu:


Emegbe Xananya, Selemya vi, kple Xanun, amesi nye Zalaf ƒe vi adelia la, ɖɔ akpa evelia ɖo; eyome Mesulam, Berexya vi, ɖɔe ɖo le eƒe aƒe kasa.


Eye Tekoatɔwo kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, ke woƒe bubumewo meɖe la woƒe Aƒetɔ ƒe dɔ la te o.


Elabena dzoɖuxɔlɔ̃ geɖewo le esi le Yuda, elabena eya nye Sexanya, Arax vi ƒe to, eye via ɖe Berexya vi Mesulam ƒe vinyɔnu.


Amesiwo tso nunɔlawo dome, wonye: Xabaya viwo, Hakoz viwo kple Barzilai, amesi ɖe srɔ̃ tso Gileadtɔ Barzilai vinyɔnuwo dome, eye woyɔe le nyɔnua ƒe ŋkɔ nu la ƒe viwo.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan