Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 3:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Gbedoxɔ me dɔwɔlawo nɔ Ofel dzi vaseɖe tsigbo, si le ɣedzeƒe gome, kple xɔ tsrala, si do gɔ̃ la kasa.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

26 Gbedoxɔmedɔwɔla siwo nɔ Ofel togbɛ dzi la, gbugbɔ gli la ɖo va ɖo Tsigbo ɣedzeƒetɔ la kple mɔ la ƒe xɔ tsrala gbɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 3:26
13 Iomraidhean Croise  

Amesiwo no woƒe anyigba dzi le woƒe duwo me gbã, wonye: Israel nunɔlawo, Lewi viwo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo.


Eɖe dzigbegbo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, eye wòɖo Ofel-gli la yi edzi ŋutɔ.


Esia megbe la eɖo gli kɔtoeto ɖe Dawid ƒe du la ŋu le ɣetoɖoƒe gome to Gixon ŋu le bali la me ɖo ta tɔmelãgbo la nu heƒo xlã Ofel; eye wòɖo wo woka ŋutɔ. Eye woɖo aʋalawo Yuda-du sesẽwo katã me.


Malux, Xarim kple Baana.


Gbedoxɔ me dɔwɔlawo nɔ Ofel dzi, eye Zixa kple Gispa wole gbedoxɔ me ɖɔwɔlawo nu.


Woɖo ta vudogbo la gbɔ, eye wole ŋgɔmɔ tẽ heto atrakpuiawo dzi va Dawid ƒe du la gbɔ; wolia gli la to Dawid ƒe xɔ gbɔ vaseɖe tsigbo la gbɔ le ɣe dzeƒe gome.


Emegbe Tekoatɔwo ɖɔ akpa evelia ɖo le xɔ tsrala gã, si ɖo gɔ̃ la kasa vaseɖe Ofel ƒe gli gbɔ.


Esi Israel-viwo le woƒe duwo me, eye dzinu adrelia do la, dukɔ blibo la ƒo ƒu sɔsɔe ɖe dogba dzi de tsigbo la nu; eye wogblɔ na agbalẽfiala Ezra bena, wòatsɔ Mose ƒe se, si Yehowa de na Israel la ƒe agbalẽ va.


Tete dukɔ la yi ɖatsɔ wo, eye amesiame wɔ, agbadɔ de eƒe xɔta, woƒe xɔxɔnuwo, mawuƒe la ƒe xɔxɔnuwo kple tsigbo la ƒe ablɔ me kpakple Efrayim-gbo la ƒe ahiɔ me.


Eye wòxlẽe le dogba dzi le tsigbo la nu le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple amesiwo ate ŋu ase egɔme la ŋku me tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta, eye dukɔ blibo la ƒe to le te ɖe segbalẽ la ŋu.


Elabena fiasãwo zu xɔdo, eye du, si me zi na la, zu gbegbe, togbɛ kple gbetakpɔxɔ zu agado, wòzu gbetedziwo ƒe adzrɔɖiƒe kple gbeɖuƒe na lãhawo,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan