Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 3:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Palal, Uzai vi, ɖɔe ɖo le tɔtrɔƒe la kple xɔ tsrala dzigbetɔ, si le fiasã ŋu le gãxɔ ƒe xɔxɔnu la kasa; eye Pedaya, Paros vi, dze eyome.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

25 eye Palal, Uzai ƒe vi, ɖoe tso dzogoe la dzi yi ɖatɔ fia la ƒe mɔ ƒe xɔ kɔkɔtɔ gbɔ le gaxɔ la ƒe gɔmeɖokpe gbɔ, eye Pedaya, Paros ƒe vi kplɔe ɖo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 3:25
12 Iomraidhean Croise  

Pareos viwo le ame akpe eve alafa ɖeka blaadre vɔ eve.


Wole Efrayim-gbo, ɖu xoxo la ƒe egbe kple tɔmelãgbo le la me va to xɔ tsrala Xananeel kple xɔ tsrala Mea ŋu vaseɖe alẽgbo la gbɔ, eye wotɔ ɖe gaxɔgbo la gbɔ.


Pareos viwo le eme akpe eve alafa ɖeka kple blaadre vɔ eve.


Agbalẽfiala Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe, si wotsɔ ʋuƒo wɔe ɖe nusiawo tɔgbe ŋu, eye Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Xilkiya kple Maaseya wotsi tre ɖe exa le ɖusi me, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum, Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam wole eƒe mia me.


eya amesi gblɔna be: Matu xɔ gãwo kple dziƒoxɔ kekewo, made fesrewo wo nu, maklã sederʋuƒowo ɖe wo me, eve masi aŋɔ dze na wo!


Ɣemaɣi Babel-fia ƒe aʋakɔ ɖe to ɖe Yerusalem, eye wode nyagblɔɖila Yeremya gaxɔ ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, si le Yuda-fia ƒe me.


Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya zi evelia, esime wòle gaxɔ me le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu bena:


Tete fia Zedekiya de se be, woadzɔ Yeremya ŋu le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wotsɔa abolo ɖeka nɛ gbesiagbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, vaseɖe esime woɖu abolowo katã wòvɔ le dua me. Eye Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.


Eye wotsɔ atagbi he Yeremya tso do la me, eye Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.


Eye Kaldeatɔwo tɔ dzo fia ƒe aƒe kple dukɔ la ƒe aƒewo, eye wogbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi.


Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-nyɔnuvi ƒe toghɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvl ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan