Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete nunɔlagã Elyasib kple si nɔviawo, siwo nye nunɔlawo la, wotso, eye woɖe alẽgbo la, wokɔ eŋu, eye woɖe ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu vaseɖe xɔ tsrala Hamea kple xɔ tsrala Xananel gbɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Eliasib, nunɔlagã la kple nunɔla bubuwo gbugbɔ Alẽgbo la ƒe sɔtiwo tu, eye wode ʋɔtruwo eŋu nyuie hekɔ eŋuti tso Alafa ɖeka mɔ la gbɔ va se ɖe Hananel mɔ la gbɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 3:1
19 Iomraidhean Croise  

Yesua dzi Yoyakim, Yoyakim dzi Elyasib, eye Elyasib dzi Yoyada,


Nunɔlawo kple Lewi-viwo kɔwo ɖokui ŋu, eye woke dukɔ la, agboawo kple gliawo ŋu.


Wole Efrayim-gbo, ɖu xoxo la ƒe egbe kple tɔmelãgbo le la me va to xɔ tsrala Xananeel kple xɔ tsrala Mea ŋu vaseɖe alẽgbo la gbɔ, eye wotɔ ɖe gaxɔgbo la gbɔ.


Nunɔlagã Elyasib vi Yoyada viwo dometɔ ɖeka nye Xoronitɔ Sanebalat ƒe to, eye menyãe ɖa le ŋunye.


Do ŋgɔ na esia la, nunɔla Elyasib, amesi wotsɔ ɖo mía Mawu ƒe aƒe ƒe xɔwo nu, eye wòɖo ƒome kple Tobiya la, dzra xɔ loloe ɖeka me do nɛ,


Eya yome Barux, Zabai vi, do vevie ɖɔ akpa evelia ɖo tso dzogoea dzi vaseɖe nunɔla ga Elyasib ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu.


Eya yome Meremot, Xakoz vi Uriya ƒe vi, ɖɔe ɖo yi dzi tso Elyasib ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu vaseɖe Elyasib ƒe aƒe ƒe mlɔenu.


Sikanutulawo kple nudzralawo ɖɔ dziƒoxɔ dzogoedzitɔ kple alẽgbo la dome ɖo.


Eye wòva me, esime Sanebalat, Tobiya kple Arabiatɔ Gesem kpakple míaƒe tutɔ mamleawo se be, mede gliawo, eye gbagbãƒea ɖeke megale eŋu o la, — vaseɖe ɣemaɣi la, nyiemekpɔ de agbo mɔnuwo nu haɖe o —


Esime woɖo gliawo, eye mede agboawo vɔ la, woɖo agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Lewi-viwo.


Dawid ƒe ha; xɔ ŋu kɔha.


Zion-to nekpɔ dzidzɔ, eye Yuda-nyɔnuviwo netso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta!


Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.


Tsɔ wò kesinɔnuwo kple wò agblemenuwo katã ƒe gbãlɔwo du bubu Yehowa ŋu,


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye woatso du la na Yehowa tso Xananeel ƒe xɔ tsrala gbɔ vaseɖe dzogoe gbo la nu.


Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi.


Anyigba blibo la azu gbadzaƒe tso Geba vaseɖe Rimon le Yerusalem ƒe dziehe. Yerusalem aɖo kpo, eye wòanɔ eteƒe hɔkɔɔ tso Benyamingbo la nu ɖake ɖe agbo tsãtɔ nɔƒe vaseɖe dzogoegbo la nu, tso Xananeel ƒe xɔ tsrala gbɔ vaseɖe fia ƒe ahafiãƒe.


Ke taa ɖe le Yerusalem le alẽgboa ŋuti, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Betesda, esi ŋu akpata atɔ̃ le.


Eye dzikpɔlawo nagblɔ na aʋakɔ la bena: Ne ŋutsua ɖe tu xɔ yeye, eye meʋu ɖe eme haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naʋu ɖe eme o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan