Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 2:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 kple agbalẽ matsɔ na fia ƒe ave dzikpɔla Asaf, be wòatsɔ atiwo nam, ne matsɔ akpa mɔ̃ la ƒe agbowo, siwo le gbedoxɔ kple du la ƒe gliwo kpakple aƒe, si me yi ge mala la ŋu. Tete fia la lɔ̃ edzi nam, elabena nye Mawu ƒe asi nyui le dzinye.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

8 Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 2:8
18 Iomraidhean Croise  

Ebiae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eɖo ŋu bena: Yakob.


Ke woƒe Mawu ƒe ŋku le Yudatɔwo ƒe ame tsitsiawo dzi, ale be womexe mɔ na wo o, vaseɖe esime nya la naɖo Dario gbɔ, eye agbalẽ nava na wo le nya la ŋuti.


Eye woɖu abolo maʋãmaʋã ŋkekenyuie la ŋkeke adre kple dzidzɔ, elabena Yehowa do dzidzɔ na wo, eye wòtrɔ Asur-fia ƒe dzi ɖe wo ŋu be, wòdo ŋusẽ woƒe alɔwo ɖe Israel ƒe Mawu ƒe xɔ la ŋu dɔwɔwɔ ŋuti.


Eye mene wole se ɖeni le nusi miawɔ na Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo, be woatu mawuxɔ sia la ŋuti. Woatsɔ fia ƒe nudzɔdzɔ le tɔsisi la ƒe go keme dzi ƒe gawo ana ŋutsu siawo dedie, eye womagaxe mɔ na wo o.


Ezra sia ho tso Babel va, enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu, de la me. Fia la na nusiwo kalã wòbia lae, elabena Yehowa, eƒe Mawu ƒe asi le edzi.


Dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ enye mɔdzegbe tso Babel, eye wòɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔi dzi, elabena eƒe Mawu ƒe asi nyui le edzi.


Eye meɖo nɔvinye Xanani kple mɔ̃ la ƒe amegã Xananya Yerusalem nu, elabena enye anukwaretɔ kple mawuvɔ̃la wu ame bubu geɖewo.


Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.


melɔ ahɔwo, eye mewɔ tsaɖiƒevewo hedo afi tseku ɖuɖua vovovowo ɖi;


medo tsitawo, ne matsɔ ade tsi avemeti damawo.


Miakpɔe, miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ, eye miaƒe ƒuwo amie abe gbe ene, Yehowa ƒe asi aɖe eɖokui afia ɖe eƒe dɔlawo ŋu, eye wòado dziku ɖe eƒe futɔwo ŋu.


Eye Mawu na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã nyo dɔme na Daniel, eye wòve enu.


Ke esi mekpɔ xɔxɔ tso Mawu gbɔ vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi la, mele tsitre hele ɖase ɖim na suewo kple gãwo, eye nyemele nu bubua ɖeke gblɔm o, nègbe nusiwo nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi bena, ava ve me la koe,


eye woɖee tso eƒe xaxawo katã me; eye wòna amenuveve kple nunyae le Farao, Egipte-fia la ƒe ŋku me, eye wòtsɔe ɖo dziɖula ɖe Egipte kple eƒeme blibo la katã dzi.


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan